Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 5:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye esi wòdo go le ʋu la me la, amea ɖe, si me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la, do go tso yɔdowo me va kpee,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Esi Yesu do go tso ʋua me la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la do go tso yɔdoawo me va kpee.

Onani mutuwo Koperani




Marko 5:2
13 Mawu Ofanana  

amesiwo bɔbɔ nɔa yɔdowo me eye wotsia teƒe ɣaɣlɛwo dɔna, amesiwo ɖua halã, eye detsi nyɔ ŋu le woƒe ku lu wo me;


Eye enumake amea ɖe, si me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la, le woƒe ƒuƒoƒe, eye wòdo ɣli gblɔ bena:


Eye gbɔgbɔ makɔmakɔ la nyamae, eye wòdo ɣli kple gbe sesĩe, eye wòdo go le eme.


elabena wogblɔ be: Gbɔgbɔ makɔmakɔ le eme.


Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena, woadzra ʋuvi la do na ye le ameha la ŋuti bena, ne woagamimi ye ɖo o;


Eye wògade asi nufiafia me le ƒua nu, eye ameha gã ŋutɔ ƒo ƒu ɖe eŋu ale bena, wòyi ɖe ʋu me, eye wòbɔbɔ nɔ eme le ƒua dzi, ke ameha la katã le ƒua nu.


Eye esi wogblẽ ameha la ɖi la, wokui yi, abe alesi wòle ʋu la me ene; eye ʋu bubuwo hã kpe ɖe eŋuti.


Eye esi Yesu ɖo ʋu gatso ƒua va egodo la, ameha gãa ɖe ƒo ƒu ɖe eŋuti, eye wònɔ ƒu la nu.


amesi ƒe nɔƒe nye yɔdowo me, eye amea ɖeke mete ŋu blane kple kɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hã o;


Elabena egblɔ nɛ bena: Do go tso ame ta me, wò gbɔgbɔ makɔmakɔ!


Elabena nyɔnua ɖe, si gbɔgbɔ makɔmakɔ le vianyɔnuvi me la, se eŋkɔ, eye wòva dze klo ɖe eƒe afɔ nu.


Eye esi wòɖi go la, ŋutsua ɖe, si gbɔgbɔ vɔ̃wo le eme, eye megado awu kpɔ o, eye menɔa aƒe me o, negbe yɔdowo me ko la, do go tso dua me va kpee.


Eye esi wògbɔna la, gbɔgbɔ la hee ƒu anyi, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu wo ɖe gbɔgbɔ bliba la ta, eye wòda gbe le ɖevi la ŋu, eye wòtsɔe na fofoa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa