Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 5:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye wova Yesu gbɔ, eye wokpɔ amesi me gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe legio nɔ la, le anyinɔƒe, eye wòta avɔ, eye eƒe mo kɔ, eye wovɔ̃.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Le esia ta, eteƒe medidi o ko ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe afi si Yesu le, gake esi wokpɔ ŋutsu si me legio gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ tsã la wòdo awu nyuie, nɔ anyi kpoo la, vɔvɔ̃ ɖo wo katã.

Onani mutuwo Koperani




Marko 5:15
21 Mawu Ofanana  

Eye Dawid vɔ̃ Mawu gbemagbe hegblɔ bena: Aleke matsɔ Mawu ƒe aɖaka la ava gbɔnyee?


Elabena esi mieno eteƒe gbemagbe o la, eyata Yehowa, mía Mawu, ɖe ame le mía dome, elabena míebia gbee se, abe alesi dze ene o.


Ɖe eƒe gãnyenye mado ŋɔdzi na mi, eye eƒe vɔvɔ̃ malé mi oa?


Dzidzi ƒo wo ŋutɔ le afima, elabena Mawu le dzidzime dzɔdzɔe la dome.


Alo aleke ame lawɔ ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe me, bena yeaha eƒe aƒemenuwo le esi, ne melé ŋusẽtɔ la bla gbã hafi oa? Ekema ko hafi wòaha eƒe aƒemenuwo.


Alo èsusu bena, nyemate ŋu aɖe kuku na Fofonye, eye wòatsɔ mawudɔlawo nam wòawu aʋakɔ wuieve o mahã?


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Eye esi wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe la, aɖetututɔ la ƒo nu. Eye amehawo ƒe mo wɔ yaa, wogblɔ bena: Womekpɔ nusia tɔgbee le Israel kpɔ o.


Eye amesiwo le wo kplɔm la si, eye woyi ɖaxlẽe fia le dua me kple agbletawo. Eye wodo go va nusi wònye va ve me la, kpɔ ge ɖa.


Eye amesiwo kpɔe la, woxlẽ nusi wòwɔ na amesi me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ la, kple hawo ŋutinya hefiã wo.


Eye esi wòɖo ʋu la, amesi me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ la, ɖe kuku nɛ bena, yeana eŋuti,


elabena enuenu woɖea kunyowu eƒe afɔwo, eye woblanɛ kple kɔsɔkɔsɔwo, ke etsoa kɔsɔkɔsɔawo, eye wòŋea kunyowuawo, eye amea ɖeke metea ŋu nana eƒe mo fana o.


Eye wòbiae bena: Wò ŋkɔ ɖe? Eye wòɖo eŋu nɛ bena: Nye ŋkɔe nye Legio; elabena mi ame geɖewoe.


Eye nɔvinyɔnu, si woyɔna be Maria la, le esi, eye eya bɔbɔ nɔ Aƒetɔ la ƒe afɔ nu, eye wòse eƒe nyawo.


Eye esi wòɖi go la, ŋutsua ɖe, si gbɔgbɔ vɔ̃wo le eme, eye megado awu kpɔ o, eye menɔa aƒe me o, negbe yɔdowo me ko la, do go tso dua me va kpee.


amesi ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòtsɔ mí ɖo eƒe lɔlɔ̃vi ƒe fiaduƒe la me,


Elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ-kple lɔlɔ̃-kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí.


Samuel wɔ, alesi Yehowa gblɔ nɛ la, eye wòva Betlexem. Tete dumegãwo ɖi vo, eye woyi ɖakpee gblɔ be: Ŋutifafa nèhe vɛa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa