Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 4:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Eye esi wònyɔ la, eblu ɖe ya la ta, eye wògblɔ na ƒu la bena: Zi ɖoɖoe, dze anyi! Tete ya la dzudzɔ ƒoƒo, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

39 Yesu blu ɖe ya la ta enumake, eye wòɖe gbe na ƒu la hã be, “Zi ɖoɖoe!” Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ƒu la zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ.

Onani mutuwo Koperani




Marko 4:39
21 Mawu Ofanana  

hegblɔ bena: Afii nava se ɖo, eye mayi ŋgɔ o; eye afii wò tsotsoe kpakawo aƒo ɖoa?


Ena ahom la dze anyi kpoo, eye eƒe tsitsotsoeawo ɖo ho to.


mi dzo kple dzikpe, sno kple adzudzɔ kpakple ahom, si wɔa eƒe gbe dzi;


Yehowa bɔbɔ nɔ anyi gli ɖe tɔɖɔɖɔ dzi; Yehowa bɔbɔ nɔ anyi gli abe fia ene tegbee.


amesi li kè towo zã le wò ŋusẽ me, eye nètsɔ ŋusẽ bla ali dzi,


Yehowa. Mawu Zebaot, ameka sesẽ abe wò, Yehowa, ene? Eye wò nuteƒewɔwɔ ɖe to ɖe wò.


Ke wò la tsɔ wò atikplɔ, eye nadoe ɖe ƒu la dzi, bena wòamã ɖe eve, eye Israel-viwo nazɔ ƒuƒuiƒe ato ƒu la me.


Eye Israel-viwo zɔ ƒuƒuiƒe to ƒu la me, eye tsi la zu abe gli ene na wo ɖe woƒe nuɖusi me kple woƒe miã me.


Esime wòɖo seƒe na atsiaƒu, ne magagbɔ eƒe sedede dzi eyi o, eye wòdo anyigba ƒe zɔ anyi la,


Yehowa be: Ɖe miagbem vɔvɔ̃, eye miadzo nyanyanya le ŋkunye me oa? Nye amesi tsɔ ke do liƒo na atsiaƒu wònye kpododo mavɔ, si dzi magbɔ o, ne edze agbo hã, mate ŋui o, eye ne eƒe tsotsoewo le gbe ɖem hã, magbɔ edzi ayi o.


Elabena Aƒetɔ la megbea ame ɖikaa o;


Eblu ɖe atsiaƒu: ta wòmie, eye wòna tɔsisiwo katã ƒu kplakplakpla; Basan kple Karmel woyrɔ, eye Libanon ƒe numiemiewo yrɔ.


Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele vɔvɔ̃m ale, mi xɔseʋeetɔwo! Tete la wòtsi tre, eye wòblu ɖe ya kple ƒu la ta, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi kpoo.


Ke eya ŋutɔ le ʋu gome, Zia suɖi le alɔ̃ dom, eye wonyae gblɔ nɛ bena: Nufiala, ɖe miaƒe tsɔtsrɔ̃ metsɔ gbɔwò nya o mahã?


Ke esi Yesu kpɔ bena, ameha la le ɖu ƒum gbɔna la, ewo ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔ la ta gblɔ bena: Wò gbɔgbɔ maƒonu kple tokunɔ, mede se na wò, do go le eme, eye tso esia dzi la megayi ɖe eme o!


Eye Yesu wo ɖe eta gblɔ bena: Mia wò nu, eye naɖo go le eme! Eye esi Abosam la tsoe xlã ɖe titina la, eɖo go le eme, eye mewo nu ve-via ɖekee o.


Eye esi wòtsi tre bi ɖe edzi la, ewo ɖe ŋudza la ta, eye wòdzo le edzi; ke etsi tre enumake, eye wòsubɔ wo.


Ke wova egbɔ, eye wonyae gblɔ bena: Amegã, amegã, miele tsɔtsrɔ̃m! Eye wòfɔ blu ɖe ya kple ƒutsotsoeawo ta, eye wodzudzɔ, eye ɖoɖoe zi kpoo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa