Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 4:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Eye le nenem ŋkeke ma dzi, esi fìẽsi ɖo la, egblɔ na wo bena: Mina ne míayi go keme dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

35 Esi ɣe nɔ to ɖom la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Mina míatso ƒu la ayi eƒe go evelia dzi.”

Onani mutuwo Koperani




Marko 4:35
11 Mawu Ofanana  

Eye Yesu ƒoe ɖe nusrɔ̃lawo nu enumake bena, woaɖo nu adze ye ŋgɔ ayi go keme dzi, vaseɖe esime yeaɖe asi le amehawo ŋu.


Ke esi Yesu kpɔ ameha geɖewo le eŋuti la, eɖo bena, yewoatso ƒu la ayi egodo.


Eye esi Yesu ɖo ʋu gatso ƒua va egodo la, ameha gãa ɖe ƒo ƒu ɖe eŋuti, eye wònɔ ƒu la nu.


Eye enumake wòƒoe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo nu be, woaɖo ʋu, ne wòadze ye ŋgɔ ayi go keme dzi ɖe Betsaida, vaseɖe esime ye ŋutɔ yeaɖe asi le ameha la ŋu.


Eye wògblẽ wo ɖi gaɖo ʋu heyi go keme dzi.


Ke eva ve me le ŋkeke mawo dome ɖeka dzi bena, eya ŋutɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe ʋua ɖe me, eye wògblɔ na wo bena: Mina ne míayi ta la godo, eye woɖe ʋu yi.


Eye wògblɔ na wo bena: Afika miaƒe xɔse le? Eye esi wole vɔvɔ̃m la, woƒe mo wɔ yaa wole gbɔgblɔm na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia? Elabena ede se na ya wo kple tsi, eye woɖo toe.


Nusiawo megbe la Yesu dzo yi ɖe Galilea-ƒu, si nye Tiberia-ƒu la godo.


eye woɖo ʋu heyina ƒu la godo ɖe Kapernaum. Ke zã do xoxo, eye Yesu meva wo gbɔ haɖe o.


Eye esi wokpɔe le ƒua godo la, wogblɔ nɛ bena; Rabi, ɣekaɣi nèva afisia?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa