Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 4:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Eye ne menye lododowo o la, meƒoa nu na wo o; ke ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe woli la, eɖea nuwo katã gome fia wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

34 Le nyateƒe me la, ne Yesu le nu fiam le dutoƒo la, lododo sɔŋ ko ŋu dɔ wòwɔna, ke emegbe ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe aga la, eɖea wo gɔme na wo.

Onani mutuwo Koperani




Marko 4:34
12 Mawu Ofanana  

Nenem nusiawo katã Yesu gblɔ na amehawo le lododowo me, eye ne menye to lododowo me o la, megblɔa nyaa ɖeke na wo o;


Eye esi wòsusɔ eya ɖeka ɖi la, amesiwo kpe ɖe eŋuti kple ame wuieve la, wòbia lo la gɔme.


Eye wògblɔ nya fia wo le lododo sia ƒomevi geɖewo me, abe alesi wòanya se na wo ene.


Eye esi wòdze egɔme tso Mose kple nyagblɔɖilawo katã dzi la, ede nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la, ƒe gome fia wo.


Lo sia Yesu do na wo; ke ame mawo mese nusiwo wògblɔ na wo la gɔme o.


Esiawo megblɔ na mi le lododowo me; gaƒoƒo gbɔna, le esi me nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ magblɔe afia mi faa le Fofo la ŋuti.


Eye esi woɖo ŋkeke nɛ la, ame geɖewo va egbɔ le eƒe dzeƒe la, amesiwo wògblɔ nya la na hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa