Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 4:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye esiwo wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, woawo nye amesiwo sea nya la, eye woxɔnɛ, eye wotsena, ɖewo blaetɔ̃, ɖewo blaade, ɖewo alafa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Azɔ anyigba nyui lae nye ame siwo xɔa Mawu ƒe Nya la le nyateƒe me, eye wòtsea ku geɖe na Mawu, blaetɔ̃, blaade alo alafa ɖeka gɔ̃ hã.”

Onani mutuwo Koperani




Marko 4:20
14 Mawu Ofanana  

Eye Isak ƒã nu ɖe anyigba ma dzi eye wòŋe nu le ƒe ma me wòdzi ɖe dzi zi alafa ɖeka sɔŋ, elabena Yehowa yrae.


Ke nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme, amesi tsena, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃ la.


Ke bubuwo ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye wotse, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃.


Eye bubuwo ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye esi womie la, wotsi, eye wotse, ɖewo blaetɔ̃, ɖewo blaade, eye ɖewo alafa.


Eye esi le anyigba nyui la me la, woawo nye amesiwo se nya la kple dzi nyui, si dza, eye wòlé eme ɖe asi sesĩe, eye wotsena le dzigbɔɖanyi me.


Menye miawoe liam ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi anyi, bena miayi aɖatse ku, eye miaƒe kutsetse la nanɔ anyi, bena nusi ke miabia Fofo la le nye ŋkɔa dzi la, ne wòana mi.


Alɔ sia alɔ, si le ŋutinye, eye metsena o la, elãnɛ, eye ɖesiaɖe, si tsena la, eɖea eŋu, bena wòatse geɖe awu.


Nɔvinyewo, nenema ke miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, bene míazu ame bubu, si wofa ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la to, bene míatse ku na Mawu.


bene dzɔdzɔenyenye ƒe ku, si wotsena to Yesu Kristo dzi la, nayɔ mi fũ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.


bene miazu alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia do nyui wɔwɔ me,


Azɔ mlɔeba la, nɔviwo, miele kuku ɖem, eye míele nu xlɔ̃m mi le Aƒetɔ Yesu me, bene abe alesi miexɔe tso mia gbɔ, alesi dze be, miazɔ, eye miadze Mawu ŋu, eye abe alesi miezɔna hã ene la, miayi dzi geɖe wu;


Elabena ne nusiawo le mia me, eye wole agbɔ sɔm ɖe dzi la, mana mianye kuviatɔwo kple ame matsekuwo le sidzedze mía Aƒetɔ Yesu Kristo la me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa