25 Eye ne aƒe mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema aƒe ma mate ŋu anɔ anyi o.
25 Aƒe si me mama kple dzrewɔwɔ le la hã mate ŋu anɔ te o.
Ke esi nɔviawo kpɔ bena, wo fofo lɔ̃nɛ wu wo katã la, wolée ɖe fu me, eye womegaƒoa nu nɛ nyuie o.
Dawid ƒe mɔzɔha. Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!
Eye ne fiaduƒe mã de ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema fiaduƒe ma mate ŋu anɔ anyi o.
Eye ne Satana tsi tre ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema emã, eye emate ŋu anɔ anyi o, ke boŋ enu lava tsi.
Ke ne mieɖu, eye miemi mia nɔewo la, mikpɔ nyuie, be míagatsrɔ̃ mia nɔewo o!
Elabena afisi ŋuʋaʋã kple dzrehehe le la, afima nu manyomanyo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ sɔŋ nɔna.