Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 3:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Andrea kple Filipo, Bartolomeo kple Toma, Yakobo, Alfeo vi la, Tadeo, Simon, Kananitɔ la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Andrea, Filipo, Bartolomeo, Mateo, Toma, Yakobo, Alfeo ƒe vi, Tadeo, Simɔn, ame si nye Zelote dunyahehamenɔla,

Onani mutuwo Koperani




Marko 3:18
27 Mawu Ofanana  

Nenem me sia la menye atikpala ƒe vie o ɖe? Alo menye ɖe woyɔa dadaa be: Maria, eye nɔviaŋutsuwo be: Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda oa?


Eye esi Yesu to afima yina la, ekpa ŋutsua ɖe, si woyɔna be Mateo, si no anyi le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme! Eye wòtsi tre dze eyome.


Eye esi wòto afima yina la, ekpa Lewi, Alfeo vi la, bɔbɔ nɔ anyi le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme! Tete wòtsi tre dze eyome.


Yakobo, Zebedeo vi la, kple Yohanes, Yakobo nɔvi la, eye wòna ŋkɔ woawo bena Boanerges, si gɔme enye dziɖegbeviwo;


kpakple Yuda Iskariot, si fia eyome mɔ la hã.


Alo amesia la, de menye atikpala, si nye Mana vi la, kple Yakobo, Yose, Yuda kpakple Simon nɔvi lae o mahã? Eye nɔvianyɔnuwo hã mele mía dome afisia o mahã? Eye wòzu nuɖiaɖia na wo le eyama ŋuti.


Eye ame eveawo dometɔ ɖeka, si se Yohanes ƒe nuƒoƒo, eye wòdze Yesu yome la, enye Andrea, Simon Petro nɔvi.


Tete Toma, si woyɔna be Venɔvi la, gblɔ na nɔvia nusrɔ̃lawo bena: Mina, ne miawo hã míayi, bena miaku kpakplii.


Yuda, si menye Iskariot lae o la, gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, aleke wɔ bena, nèle ɖokuiwò ɖe ge afia miawo, eye menye xexeame o mahã?


Simon Petro kple Toma, si woyɔna be Venɔvi, kple Natanael tso Kana le Galilea kple Zebedeo ƒe viwo kpakple eƒe nusrɔ̃lawo dome ame bubu eve, wole afi ɖeka.


Eye esi wova dua me la, woyi ɖe dziƒoxɔ, si me wonɔna la me: Petro kple Yakobo, Yohanes kple Andrea, Filipo kple Toma, Bartolomeo kple Mateo, Yakobo, Alfeo vi, kple Simon Zelotes kpakple Yuda, Yakobo vi.


Eye esi wozi ɖoɖoe megbe la, Yakobo xɔ edzi gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo, miɖo tom!


Eye esi ŋu ke la, Paulo yi ɖe Yakobo ƒe me kpli mí, eye hamemegãwo katã va afima


Emegbe la eɖe eɖokui fia Yakobo, emegbe da apostolowo katã.


Alo ɖe miekpɔ ŋusẽ bena, míakplɔ nɔvinyɔnu, si anye mía srɔ̃ la, anɔ nugbe yim, abe alesi apostolo bubuawo kple Aƒetɔ la nɔviwò kpakple Kefa hã wona ene oa?


Ke nyemekpɔ apostolowo dome ame bubua ɖeke o, negbe Yakobo. Aƒetɔ la nɔvi ko.


eye esi wodze si amenuveve, si wotsɔ nam la, tete Yakobo kple Kefa kpakple Yohanes, amesiwo wobuna bena, wonye sɔtiwo la, wona habɔbɔ ƒe asi mía kple Barnaba, bene míawo míayi trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi aʋatsotsotɔwo gbɔ;


Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla, do gbe na ƒome wuieve, siwo ka hlẽ la.


Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla kple Yakobo nɔvi la, ŋlɔ ɖo ɖe amesiwo woyɔ, eye wowɔ wo kɔkɔe le Mawu Fofo la me, eye wodzra wo ɖo le Yesu Kristo me la;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa