Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 2:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye wògblɔ na wo bena: Wowɔ Sabat le ame ta, eye menye ame le Sabat ta o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Egblɔ yi edzi be, “Dzudzɔgbe ŋkekea la, ɖe woɖoe anyi be wòaɖe vi na ame, menye be ame nazu kluvi na Dzudzɔgbe ŋkeke la o.

Onani mutuwo Koperani




Marko 2:27
13 Mawu Ofanana  

Ŋkeke aɖe nawɔ wò dɔwo, ke naƒo ŋkeke adrelia ade eme, bena wò nyi kple wò tedzi nadzudzɔ, eye wò kosi ƒe ŋutsuvi kple amedzro nagbɔ ɖe eme.


Ne ète wò afɔ ɖe megbe tso dzudzɔgbe la ŋu, be mèwɔ wò dɔwo le nye ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ne èyɔ dzudzɔgbe la be: „dzidzɔ“ kple Yehowa ƒe nu kɔkɔe la be „bubu“, eye nède bubu eyama ŋu, ale be mèlé wò mɔ tsɔ o, mèwɔ wò dɔwo o, eye mèƒo nu kpoloe o la,


Eye metsɔ nye dzudzɔgbewo hã na wo, ne woanye dzesi anɔ mía kple wo dome, eye woadze sii be, nye Yehowa ye kɔ wo ŋu.


mikɔ nye dzudzɔgbewo ŋu, ne woanye dzesi anɔ mía kpli mi dome, eye wòadze sii be, nye Yehowa yenye mia Mawu.


eyaŋuti Amegbetɔvi lae nye Sabat hã dzi Aƒetɔ.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Mabia mi: Ɖe woɖe mɔ be, woawɔ nu nyui alo woawɔ nuvɔ̃ le Sabat dzi, be woaɖe agbe alo woatsrɔ̃e mahã?


Ne wotso aʋa na ame le Sabat dzi, bena woagada Mose ƒe sea dzi o la, nukaŋuti miele dɔmedzoe dom ɖe ŋutinye, elabena mena ame blibo la ƒe lãme sẽ le Sabat dzi mahã?


Elabena wowɔ wo katã le mia ta, bene amenuveve, si sɔ gbɔ ɖe dzi to ame geɖeawo dzi la, nana akpedada la nagba go hena Mawu ƒe kafukafu.


Ɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi, ne nawɔe kɔkɔe, abe alesi Yehowa, wo Mawu, de se na wò ene.


ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la, megawɔ dɔa ɖeke le edzi o, eɖanye wò ŋutɔ, viwòŋutsu alo viwònyɔnu o, eɖanye wò dɔlaŋutsu alo wò dɔlanyɔnu o, eɖanye wò nyitsu, wò tedzi, wò lãwo katã alo amedzro, si dze wò du me la o, bena wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu nagbɔ ɖe me abe wò ŋuta ke ene.


Eyata migana amea ɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu mi le nuɖuɖu alo nunono ŋuti alo le ŋkekenyuie alo ɣletidzedzi alo Sabat la gome o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa