Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 2:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Alesi wòyi ɖe mawuxɔ la me, le esime Abyatar enye nunɔlagã, eye woɖu ŋkumeɖobolo, si womeɖe mo le ŋuti nɛ be, woaɖu o, negbe nunɔlawo ko, eye wòna amesiwo kpe ɖe eŋuti la o mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Esi Abiata nye nunɔlagã la, David yi ɖe Mawu ƒe aƒe la me eye wòtsɔ abolo tɔxɛ si wotsɔ ɖo Mawu ŋkume la, eye eya kple etɔwo mae heɖu, togbɔ be mele se nu be ame aɖeke naɖu abolo sia o, negbe nunɔlawo ko.”

Onani mutuwo Koperani




Marko 2:26
18 Mawu Ofanana  

Eye kpɔ ɖa, Zadok hã kple Lewito, siwo katã le eŋu la, tsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la, eye wodro Mawu ƒe aɖaka la ɖi, vaseɖe esime ameha blibo la tso dua me va to eŋu yi vɔ; eye Abyatar hã yi


Tete Zadok kple Abyatar wogbugbɔ Mawu ƒe aɖaka la va Yerusalem, eye wonɔ afima.


Nunɔla Zadok kple Abyatar hã le afima kpe ɖe ŋuwò; eyata ne èse nya sia nya le fia ƒe me ko la, nadagblɔe na nunɔla Zadok kple Abyatar.


Seya enye agbalẽŋlɔla, eye Zadok kple Abyatar wonye nunɔlawo;


Zadok, Axitub vi, kple Aximelex, Abyatar vi, wonye nunɔlawo, eye Seraya nye agbalẽŋlɔla;


Eye wòɖo gbe ɖi kple Yoab, Zeruya vi, kpakple nunɔla Abyatar, eye wokpe ɖe Adoniya ŋu.


Tete fia Salomo ɖo ŋu gblɔ na dadaa bena: Nukaŋuti nele Abisag, Sunami-nyɔnu la, ko biam na Adoniya? Bia fiaɖuƒe la hã na eya kple nunɔla Abyatar kpakple Yoab, Zeruya vi la, elabena tonye wonye.


Benaya, Yehoyada vi, le aʋakɔ la nu, eye Zadok kple Abyatar wonye nunɔlawo.


Eye agbalẽŋlɔla Semaya, Netaneel vi tso Lewi-viwo dome, ŋlɔ wo ɖi le fia la kple amegãwo, nunɔla Zadok kple Aximelex, Abyatar vi, kpakple nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo ŋku me; ne wodzidze nu ɖe Eleazar ƒe aƒekɔ ɖeka dzi la, ekema wodzidzea nu ɖe Itamar to ɖeka dzi.


Alesi wòyi ɖe mawuƒe la me, eye woɖu ŋkumeɖobolo, si womeɖe mɔ le eŋuti ne bena, eya kple amesiwo kpe ɖe eŋuti naɖu o, negbe nunɔlawo ko la oa?


Eye wògblɔ na wo bena: Alo miexlẽ nusi Dawid wɔ la kpɔ o, esime hiã tui, eye dɔ wu eya kple amesiwo kpe de eŋuti la o mahã?


Eye wòdze mɔ heyi, eye Yonatan va dua me.


Esi Aximelex vi Abyatar si va Dawid gbɔ le Kegila la, etsɔ kɔmewu la ɖe asi vɛ.


Esi Dawid dze sii be, Saul ɖo vɔ̃ ɖe ye ŋu le adza me la, egblɔ na nunɔla Abyatar bena: Tsɔ kɔmewu la vɛ!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa