Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 2:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye farisitɔwo gblɔ nɛ bena: Kpɔ da, wowɔ nusi mele sea nu o la le Sabat dzi!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Farisitɔ aɖewo kpɔ wo, eye wobia Yesu be, “Nu ka ta wole nu si mele se nu o la wɔm le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖo?”

Onani mutuwo Koperani




Marko 2:24
18 Mawu Ofanana  

Ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la; megawɔ dɔa ɖeke le edzi o, eɖanye wò ŋutɔ, viwòŋutsu alo viwònyɔnu o, eɖanye wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, wò lã, alo wò amedzro, si dzewo du me la o.


Ŋkeke ade woawɔ dɔ, ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe, ŋkeke kɔkɔe na Yehowa. Amesiame, si awɔ dɔ le dzudzɔgbea dzi la, woawui.


Woayra amegbetɔ, si wɔa alea, kple amegbetɔvi, si kuna ɖe nusia ŋu, amesi dzraa dzudzɔgbe la ɖo, be wòagagblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye wòkpɔa eƒe asi dzi, be magawɔ vɔ̃a ɖeke o!


Elabena ale Yehowa gblɔ na ame tata, siwo dzraa nye dzudzɔgbewo ɖo, wotiaa nusi dzea ŋunye, eye wokuna ɖe nye nubabla ŋu tsehee la, enye si:


Eye amedzrovi, siwo ku ɖe Yehowa ŋu, be yewoasubɔe, yewoalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye yewoanye dɔlawo ne, wo amesiwo katã dzraa dzudzɔgbe la ɖo, be yewomagagblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye wokuna ɖe nye nubabla ŋu la,


Ne ète wò afɔ ɖe megbe tso dzudzɔgbe la ŋu, be mèwɔ wò dɔwo le nye ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ne èyɔ dzudzɔgbe la be: „dzidzɔ“ kple Yehowa ƒe nu kɔkɔe la be „bubu“, eye nède bubu eyama ŋu, ale be mèlé wò mɔ tsɔ o, mèwɔ wò dɔwo o, eye mèƒo nu kpoloe o la,


Ke esi farisitɔwo kpɔe la, wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò nusrɔ̃lawo wɔ nusi mele sekɔa nu o la, le Sabat dzi.


Ke esi farisitɔwo dome agbalẽfialawo kpɔ bena, ele nu ɖum kple nuvɔ̃wɔlawo kpakple nudzɔlawo la, wogblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Aleke wo bena, woɖua nu, eye wonoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?


Eye wògblɔ na wo bena: Alo miexlẽ nusi Dawid wɔ la kpɔ o, esime hiã tui, eye dɔ wu eya kple amesiwo kpe de eŋuti la o mahã?


Aleke wo amesia ƒo nu alea? Egblɔ busunya, ameka ate ŋu atso nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko o mahã?


Mibu amesi ɖo dzi kpe nuvɔ̃wɔlawo ƒe ɖeklemiɖeɖe na ye ŋutɔ la ŋu, bena ɖeɖi nagate mia ŋu, eye miagbɔdzɔ le mia luʋɔwo me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa