Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 16:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ke dzesi siawo lakplɔ amesiwo xɔe se la ɖo: Le nye ŋkɔ la me wòanyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, eye woaƒo nu kple aɖe yeyewo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Dzesi siawo akplɔ ame siwo axɔe se la ɖo: le nye ŋkɔ me woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe. Woaƒo nu kple aɖe yeyewo.

Onani mutuwo Koperani




Marko 16:17
17 Mawu Ofanana  

Yohanes gblɔ ne bena: Nufiala, miekpɔ amea ɖe, si le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm le go dom le wò ŋkɔ la dzi, eye miegbe nɛ, elabena mele mía yome o.


Eye ame blaadre la gbugbɔ va kple dzidzɔ gblɔ bena: Aƒetɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo ke hã doa to mi le wò ŋkɔ la dzi.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gatɔwo wu esiawo wòawɔ, elabena nye la meyina Fofo la gbɔ.


Elabena wose bena, wole nu ƒom kple aɖewo, eye wole Mawu dom ɖe dzi.


Eye wò wo esia ŋkeke geɖe. Ke esi wòve dome na Paulo la, etrɔ gblɔ na gbɔgbɔ la bena: Mede se na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me bena, nado go le eme! Eye wòdo go le gaƒoƒo ma ke dzi.


Eye esi Paulo da asi ɖe wo dzi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la va wo dzi, eye woƒo nu kple aɖe yeyewo, eye wogblɔ nya ɖi.


Azɔ la esi wodoe ɖe dzi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wòxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋugbedodo hã tso Fofoa gbɔ la, etrɔ nusi kpɔm miele kple nusi Sem miele la kɔ ɖe anyi.


Eye amehawo tso du, siwo ƒo xlã Yerusalem la hã me ƒo ƒu. Eye wotsɔ dɔlélawo kple amesiwo gbɔgbɔ makɔmakɔwo le fu ɖem na la vɛ, eye woda gbe le wo katã ŋu.


Elabena ame geɖe, siwo me gbɔgbɔ makɔmakɔwo le la, do go hele ɣli dom kple gbe sesẽ; eye wòda gbe le tekunɔwo kple dɔnɔ geɖewo ŋu.


ame bubu la nukudɔwɔwɔwo, ame bubu la nyagbɔgblɔɖi, ame bubu la gbɔgbɔwo dodokpɔ, ame bubu la gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo, ame bubu la gbe bubu ƒomeviwo ƒe gɔmeɖeɖe;


Eye Mawu ɖo amea ɖewo le ha me: Gbãtɔ apostolowo, evelia nyagblɔɖilawo, etɔ̃lia nufialawo, emegbe la ŋusẽdɔwɔwɔwo, eya megbe la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo, kpeɖeŋutɔwo, dzikpɔlanyenyewo, gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo.


Ã, wo katãe kpɔ dɔyɔyɔwo ƒe amenuvevenunanawoa? Ã, wo katãe gblɔa gbe bubu ƒomeviwoa? A, wo katãe ɖea nya gɔmea?


Nenye ɖe metso amewo kple mawuɖɔlawo ƒe gbegbɔgblɔwo ƒoa nu, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, anye ne mele abe ayawagba, si ɖina alo abe gaƒoƒo, si ɖina la ene.


Elabena amesi tsɔa gbegbɔgblɔ ƒoa nu la, meƒoa nu na amewo o, ke na Mawu boŋ; elabena amea ɖeke mesene o, ke gbɔgbɔ me wòle nya ɣaɣlawo gblɔm le;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa