47 Eye Maria, Magdalatɔ kple Maria, Yose dada, wokpɔ afisi wotsɔe mlɔ.
47 Maria Magdalatɔ kple Maria Yose dada hã nɔ afi ma kpɔ afi si wòɖi Yesu ɖo.
amesiwo dome Maria, Magdalatɔ, kple Maria, si nye Yakobo kple Yosef dada, kple Zebedeo ƒe viwo dada wole.
Eye Maria, Magdalatɔ la, kple Maria keme la wole afima, eye wobɔbɔ nɔ anyi hedze ŋgɔ yɔdo la.
Ke le ŋkeke, si dze Sabat yome, si nye kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdikanya la, Maria, Magdalatɔ, kple Maria keme la wova yɔdo la kpɔ ge ɖa.
Eye nyɔnuwo hã le tsitre, le nu kpɔm le adzɔge; amesiawo dome Maria, Magdalatɔ, kple Maria, Yakobo suetɔ kple Yose dada, kpakple Salome wole;
Eye wòƒle aklala, eye esi woɖee ɖe anyi la, exatsa aklala ɖe eŋuti, eye wòtsɔe mlɔ yɔdo, si woɖe ɖe kpe gbadza me la me; eye wòmli kpe ɖo yɔdoa nu.
Eye esi Sabat la nu yi vɔ la, Mana, Magdalatɔ, kple Maria, Yakobo dada, kple Salome woƒle atike ʋeʋẽe lilili, bena yewoasi nɛ.
Eye nyɔnu, siwo dze eyome tso Galilea va la, kpɔ yɔdo la ɖa, kple alesi wotsɔ eƒe kuku la mlɔ anyii.