Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 15:46 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

46 Eye wòƒle aklala, eye esi woɖee ɖe anyi la, exatsa aklala ɖe eŋuti, eye wòtsɔe mlɔ yɔdo, si woɖe ɖe kpe gbadza me la me; eye wòmli kpe ɖo yɔdoa nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

46 Yosef ƒle aklala biɖibiɖi gã aɖe, eye woɖe Yesu ƒe ŋutilã kuku la le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala la ɖe eŋu eye wòkɔe ɖamlɔ yɔdo, si woɖe ɖe agakpe me la me, hemli kpe gã aɖe ɖo yɔdo la nu.

Onani mutuwo Koperani




Marko 15:46
12 Mawu Ofanana  

Nukae le asiwò le afi, eye amekae li na wò le afi, hafi nèɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afi, eɖe yɔdo ɖe kɔkɔƒe, eye nèwɔ nɔƒe na ɖo-kuiwò ɖe agakpe me?


Woɖe yɔdo nɛ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome, eye esi wòku la, enɔ vodalawo dome, evɔ wònye mesẽ ŋuta o, eye alakpa menɔ eƒe nu me kpɔ o hafi.


Eye kpɔ ɖa, anyigba ʋuʋu ŋutɔ, elabena Aƒetɔ la ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpe la ɖa le yɔdo la nu, eye wòbɔbɔ no edzi.


Eye esi wosee tso aʋafia la nu la, etso ame kuku la na Yosef.


Eye Maria, Magdalatɔ kple Maria, Yose dada, wokpɔ afisi wotsɔe mlɔ.


Eye woɖee ɖe anyi, eye wòxatsa aklala ɖe eŋu, eye wòtsɔe mlɔ yɔdo, si woɖe ɖe kpe gbadza me la me, esi me amea ɖeke memlɔ kpɔ o.


Tete Yesu gale dɔmedzoe dom le eɖokui me heva yɔdo la gbɔ. Ke enye ɖo, eye kpe le enu.


Tete wokɔ kpe la da. Ke Yesu wu eƒe mo dzi, eye wòbena: Fofo, meda akpe na wò bena, èdoa tom.


Ke le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdikanya fute la Maria, Magdalatɔ, va yɔdo la gbɔ, eye wòkpɔ bena, woɖe kpe la ɖa le yɔdo la nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa