Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 15:40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Eye nyɔnuwo hã le tsitre, le nu kpɔm le adzɔge; amesiawo dome Maria, Magdalatɔ, kple Maria, Yakobo suetɔ kple Yose dada, kpakple Salome wole;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

40 Nyɔnu aɖewo hã nɔ adzɔge nɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Ame siawo nye Maria Magdalatɔ, Maria, si nye Yakobo suetɔ kple Yose dada kple Salome.

Onani mutuwo Koperani




Marko 15:40
18 Mawu Ofanana  

Nye dzi le totrom, nye ŋusẽ gblẽm ɖi, eye nye ŋkuwo ƒe kekeli hã megale gbɔnye o.


Filipo kple Bartolomeo: Toma kple Mateo, nudzɔla; Yakobo, si nye Alfeo vi, kple Lebeo, si woyɔna hã be Tadeo;


Nenem me sia la menye atikpala ƒe vie o ɖe? Alo menye ɖe woyɔa dadaa be: Maria, eye nɔviaŋutsuwo be: Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda oa?


Eye Maria, Magdalatɔ la, kple Maria keme la wole afima, eye wobɔbɔ nɔ anyi hedze ŋgɔ yɔdo la.


Ke le ŋkeke, si dze Sabat yome, si nye kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdikanya la, Maria, Magdalatɔ, kple Maria keme la wova yɔdo la kpɔ ge ɖa.


Eye Maria, Magdalatɔ kple Maria, Yose dada, wokpɔ afisi wotsɔe mlɔ.


Eye esi Sabat la nu yi vɔ la, Mana, Magdalatɔ, kple Maria, Yakobo dada, kple Salome woƒle atike ʋeʋẽe lilili, bena yewoasi nɛ.


Ke esi Yesu tsi tre le kwasiɖa gbãtɔ ƒe ŋdikanya la, eɖe eɖokui fia Maria, Magdalatɔ gbã, amesi me wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ adre do go le.


Eye wòɖi be, yeakpɔ Yesu, amesi wònye, eye mete ŋui o le ameha la ŋuti; elabena ame kpui wònye.


Eye eƒe ame nyanyɛwo katã kple nyɔnu, siwo dze eyome tso Galilea la, le tsitre le adzoge ke hele nusiawo kpam ɖa.


Alo ɖe miekpɔ ŋusẽ bena, míakplɔ nɔvinyɔnu, si anye mía srɔ̃ la, anɔ nugbe yim, abe alesi apostolo bubuawo kple Aƒetɔ la nɔviwò kpakple Kefa hã wona ene oa?


Ke nyemekpɔ apostolowo dome ame bubua ɖeke o, negbe Yakobo. Aƒetɔ la nɔvi ko.


Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla, do gbe na ƒome wuieve, siwo ka hlẽ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa