Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 15:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye Pilato gblɔ na wo bena: Nuvɔ̃ ka gɔ̃ wòwɔ mahã? Ke wogado ɣli sesĩe wu bena: Klãe ɖe ati ŋuti!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Pilato bia wo be, “Nu vɔ̃ ka wòwɔ?” Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋu!”

Onani mutuwo Koperani




Marko 15:14
24 Mawu Ofanana  

Meɖo ɣli nu ti kɔ nam, eye nye gbe me xe, mele mɔ kpɔm na nye Mawu ʋuu wòti nye ŋkuwo.


Amegbetɔwo do vloe, eye wogbee, ŋutsu kpehiã kple amesi dzi dɔléle le la wònye, wodo vloe abe amesi ta wotsyɔ nu ŋku me ɖo la ene, eye míebui ɖe naneke me o.


Woɖe yɔdo nɛ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome, eye esi wòku la, enɔ vodalawo dome, evɔ wònye mesẽ ŋuta o, eye alakpa menɔ eƒe nu me kpɔ o hafi.


Ke esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnuɖrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a dɔ ɖo ɖe egbɔ gblɔ bena: Megawɔ naneke kple ame dzɔdzɔe ma o; elabena eto ƒe zã me la mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe le eta.


Mewo nuvɔ̃ be, mede ʋu maɖifɔ asi. Ke woawo gblɔ bena: Mía gbɔ nya kae wotsoa? Wò ŋutɔ kpɔ edzi!


Ke esi aʋafia la kple amesiwo kpe ɖe eŋuti hele Yesu dzɔm la, kpɔ anyigbaʋuʋu kple nusiwo va dzo la, wovɔ̃ ŋuta hegblɔ bena: Nyateƒe, Mawuvie nye esia!


Ke woawo gado ɣli bena: Klãe ɖe ati ŋuti!


Eye esi Pilato lɔ̃ bena, yeawu ameha la ƒe lɔlɔ̃nu la, eɖe asi le Baraba ŋuti na wo, eye Yesu la, esi wòna woƒoe kple atam la, etsɔe de asi, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.


Ke woawo la wodo ɣli gblo bena: Klãe ɖe ati ŋuti, klãe ɖe ati ŋuti!


Eye Pilato gblɔ na nunɔlagãwo kple amehawo bena: Nyemekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu o.


Ke miawo la edze mi: elabena nusi dze míaƒe nuwɔwɔwo la, eya kpɔm miele; ke amesia la mewo nu tovoa ɖeke kpɔ o.


Eye esi asrafowo dzikpɔla kpɔ nusiwo va dzɔ la, ekafu Mawu gblɔ bena: Vavã amesia nye ame dzɔdzɔe.


Pilato gblɔ nɛ bena: Nukae nye nyateƒe? Eye esi wògblɔ esia la, egado go yi Yudatɔwo gbɔ, eye wògblɔ na wo bena: Nye la nyemekpɔ nya vɔ̃a ɖeke le eyama ŋuti o.


Eye esi nunɔlagãwo kple dɔlawo kpɔe la, wodo ɣli bena: Klãe ɖe ati ŋuti, klãe ɖe ati ŋuti! Pilato gblɔ na wo bena: Ekema mia ŋutɔwo mikplae yii, eye miklãe ɖe ati ŋuti, elabena nye la nyemekpɔ nya vɔ̃a ɖeke le eŋuti o.


Eye esi womekpɔ kunyaa ɖeke hã o la, wòbia tso Pilato si me bena, wòawui.


Ke esi wodze sii bena, Yudatɔ wònye la, wo katã wodo ɣli kple gbe ɖeka ano gaƒoƒo eve sɔŋ bena: Gãe nye Efesotɔwo ƒe Diana la!


Elabena nunɔlagã sia tɔgbe hiã míawo hã: Amesi nye kɔkɔetɔ, ame maɖifɔ, ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome, eye wokɔe ɖe dzi wu dziƒowo,


ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la abe alẽvi, si ŋu mokaka kple kpɔtsotso mele o la, ƒe ʋu ene,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa