10 Elabena edze sii bena, ŋuʋaʋã ŋutie nunɔlagãwo tsɔe de asi ɖo.
10 Le esime wònya nyuie be ŋuʋaʋã ta koe nunɔlagãwo tsɔ Yesu de asi nɛ ɖo.
Tso esia dzi la nɔviawo ʋã ŋui; ke fofoa dzra nya la ɖo.
Dziku la, nu nyayrãe, eye dɔmedzoe dzea agbo; ke ameka ale ŋu anɔ te ɖe ŋuʋaʋã nu?
Eye mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã de dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wonye de amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba de ya me wonye.
Elabena ènyae bena, ŋuʋaʋã ŋutie wotsɔe de asi ɖo.
Ke nunɔlagãwo ƒoe ɖe ameha la nu bena, wòaɖe asi le Baraba boŋ ŋuti na wo.
Ke Pilato ɖo eŋu na wo gblɔ bena: Ɖe miele didim bena, maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋuti na mi mahã?
Ke esi Yudatɔwo kpɔ amehawo la, woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã eye wogblɔ busunya tsi tre de nusiwo Paulo gblɔ la ŋu.
Elabena tsã la miawo hã míenye ame manyanuwo, tosẽlawo, mɔtrelawo, nu dzodzro kple dzidzɔkpɔkpɔ bubu ƒomevi geɖewo ƒe subɔlawo, vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ŋuʋaʋã me nɔlawo, ame nyɔŋuwo kple amesiwo léa fu wo nɔewo.
Alo ɖe míebuna bena, ŋɔŋlɔ la ƒoa nu dzodzro bena: Gbɔgbɔ, si wòna wòdzra nɔƒe ɖo le mia me la, le edzrom kple ŋuʋaʋã?
menye abe Kain, si tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia la ene o. Eye nukaŋuti wòwui ɖo? Elabena eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi, eye nɔvia tɔwo le dzɔdzɔe.