Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 14:55 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

55 Ke nunɔlagãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã di ɖaseɖiɖi de Yesu ŋuti, bena yewoawui, eye womekpɔ ɖeke o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

55 Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe, eye yewoatso kufia nɛ, gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o.

Onani mutuwo Koperani




Marko 14:55
13 Mawu Ofanana  

Eye mitsɔ yakame eve ɖo ekasa, amesiwo anɔ ɖase ɖim le eŋu anɔ gbɔgblɔm bena: Edo ɖiŋu na Mawu kple fia la! Emegbe miakplɔe ado goe aɖaƒu kpee wòaku.


Emegbe yakame eve wova nɔ ekasa, eye yakameawo le ɖase ɖim le Nabot ŋu le dukɔ la ŋku me le gbɔgblɔm bena: Nabot do ɖiŋu na Mawu kple fia la! Eye wokplɔe do go yi dua godo ɖaƒu kpee wòku.


Megatsɔm de asi na nye ketɔwo ƒe nyanyrã o, elabena aʋatsoɖasefowo kple amesiwo le ŋutasesẽ gbɔm fuxefuxe la, tso ɖe ŋunye.


Ɖasefo ŋutasẽlawo tsi tre, eye wole nusi nyemenya o la biamem.


Eye Daniel ƒo tatɔawo kple amegãawo ta, elabena gbɔgbɔ triakɔ le eme; eye fia la ɖo be, yeatsɔe aɖo fiaɖuƒe blibo la nu.


Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.


Elabena ame geɖewo va ɖi aʋatsoɖase ɖe eŋuti, eye woƒe ɖaseɖiɖia ɖeke mesɔ o.


Azɔ la nunɔlagã la bia Yesu le eƒe nusrɔ̃lawo kple eƒe nufiafia ŋuti.


Nukaŋuti nèle biayem? Bia amesiwo se nusi megblɔ na wo; kpɔ ɖa, woawo nya nusiwo nye la megblɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa