Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 14:54 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

54 Eye Petro le eyome ʋĩ gbɔna vaseɖe nunɔlagã la ƒe mɔ̃ me, eye wòbɔbɔ nɔ dɔlawo gbɔ le dzo ƒum.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

54 Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo nunɔlagã la ƒe aƒe me la, eto nu xa dzaa ge ɖe aƒea me eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔla gbɔ nɔ dzo ƒum.

Onani mutuwo Koperani




Marko 14:54
15 Mawu Ofanana  

Esime Eliya see la, etsɔ eƒe mo de eƒe awu ʋlaya me, eye wòdo go va tsi tre ɖe agado la nu, eye kpɔ ɖa, gbea ɖe va egbɔ gblɔ bena: Eliya, nuka wɔm nèle le afisia?


Afima wòyi ɖe agadoa ɖe me le ɖatsi afima dɔ. Eye kpɔ ɖa, Yehowa ƒe gbe va egbɔ hegblɔ nɛ bena: Eliya, nuka wɔm nèle le afisia?


Tete nunɔlagãwo kple dumegãwo va kpe ta ɖe nunɔlagã, si ŋkɔ nye Kayafa la, ƒe mɔ̃ la me;


Ke Petro le eyome ʋĩ gbɔna vaseɖe nunɔlagã ƒe mɔ̃ la gbɔ, eye wòyi ɖe eme, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe dɔlawo gbɔ, bena yeakpɔ alesi woawu nui.


Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, bena miagadze tetekpɔ me o! Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.


Eye esi Petro le mɔ̃ la me le anyigba la, nunɔlagã la ƒe nyɔnudɔlawo dometɔ ɖeka gbɔna,


Eye le eƒe ʋiʋli me la edo gbe ɖa vevie gawu, eye wòva ve me bena, eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.


Eye esi wòlée la, wokplɔe heyi ɖe nunɔlagã la ƒe me. Ke Petro dze eyome ʋi gbɔna.


Eye kluviawo kple dolawo le tsitre, eye wodo akadzo; elabena vuvɔ le wɔwɔm, eye wole dzo la ƒum, eye Petro hã tsi tre ɖe wo gbɔ le dzo la ƒum.


Ke Simon Petro le tsitre le dzo ƒum. Eye wogblɔ nɛ bena: Alo wò hã eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye mahã? Eyama sẽ nu gblɔ bena: Menye nyee o.


Eye Hebritɔwo tso Yordan yi Gad-nyigba kple Gilead-nyigba dzi; ke Saul gale Gilgal ke, eye dukɔ blibo la le dzodzom nyanyanya le eyome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa