Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 14:49 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

49 Gbawotsyogbe menɔa mawuƒe la me kpli mi nɔa nu fiãm, ke mielém o; gake wowɔ esia, bena woawu ŋɔŋlɔawo nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

49 Menɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu gbe sia gbe nɔ nu fiam. Ke esia va eme be woawu Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la nu.”

Onani mutuwo Koperani




Marko 14:49
27 Mawu Ofanana  

Ke esia katã va me, bene woawu nya, si Aƒetɔ la gblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena:


Ke aleke awɔ ne woawu ŋɔŋlɔawo nu mahã? Elabena ele be, woava me nenema tsã!


Le gaƒoƒo ma dzi Yesu gblɔ na amehawo bena: Alesi wotsona ɖe hlɔ̃dola ŋuti la, nenemae mieva lé ye ge kple yiwo kple kpowo; gbãwotsyogbe mebɔbɔ nɔ anyi ɖe mawuƒe la me le nu fiãm, eye mielém kpɔ o.


Ke esiawo katã va me, bena woawu nyagblɔɖilawo ƒe ŋɔŋlɔawo nu. Tete la nusrɔ̃lawo katã gblẽe ɖi hesi.


Eye esi wòdzo le afima la, eva Yudea-nutoawo me kple Yordan godo, eye amehawo gava ƒo ƒu ɖe egbɔ, eye abe alesi wònɔa wɔwɔm ene la, egafia nuwo.


Eye wogava Yerusalem; eye esi wòle tsatsam le mawuƒe la me la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va egbɔ;


Eye esi Yesu le nu fiãm le mawuƒe la me la, exɔ dzi gblɔ bena: Aleke wɔ, eye agbalẽfialawo le gbɔgblɔm bena, Kristo la nye Dawid vi mahã?


Eye Yesu xɔ edzi gblɔ na wo bena: Alesi wotsona de adzodala ŋuti la, nenema mieva lé ye ge kple yiwo kpakple kpowo.


Eye wo katã wogblẽe di hesi.


Eye wòle nu fiãm le mawuƒe la me gbesiagbe. Ke nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo di be, yewoawui;


Elabena mele egblɔm na mi bena: Ele be, woawu nusia, si woŋlɔ ɖi la nu ɖe ŋunye bena: „Eye wobui ɖe vodalawo dome;“ elabena nusi wogblɔ ɖi le ŋutinye la, le enu wu ge.


eye Yesu le tsa ɖim le mawuƒea le Salomo ƒe akpata la me.


Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Nye la meƒo nu na xexeame le gaglãgbe, mefia nu ɖaa le ƒuƒoƒewo kple mawuƒe me, afisi Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo, eye nyemegblɔ nyaa ɖeke le ɣaɣlaƒe kpɔ o.


Ke le ŋkeke mamletɔ, si nye ŋkekenyuie gatɔ dzi la, Yesu le tsitre, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Ne tsikɔ le amea ɖe wum la, neva gbɔnye, eye wòano tsi.


Azɔ Yesu gaƒo nu na wo gblɔ bena: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.


Eye le ŋdikanya la egava mawuƒe la me, eye ameha la katã va egbɔ, eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, efiã nu wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa