Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 14:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Eve wote yi ŋgɔ ʋee, eye wòdze klo tsyɔ mo anyi, eye wòdo gbe ɖa bena, ne ate ŋu ava me la, ne gaƒoƒo sia nato ye ŋu ayi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

35 Azɔ la, ezɔ yi ŋgɔ vie ɖatsyɔ mo anyi eye wòdo gbe ɖa bia be ne ele bɔbɔe la, gaƒoƒo la nato ye ŋu ayi.

Onani mutuwo Koperani




Marko 14:35
14 Mawu Ofanana  

Tete Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu ƒo nu kplii bena:


Israel-viwo katã kpɔ, alesi dzo la ɖi ɖe anyi kple Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le xɔ la dzi, tete wobɔbɔ hede ta agu de kpenyigba la dzi, eye wodo gbe ɖa heda akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee.


Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne ate ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.


Tete wòva nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo bena: Miyi alɔ̃dɔdɔ dzi azɔ, eye migbɔ ɖe eme; mikpɔ ɖa, gaƒoƒo la ɖo vɔ, eye woade Amegbetɔvi la asi na nuvɔ̃wɔlawo.


Eye wòva zi etɔ̃lia gblɔ na wo bena: Miyi alɔ̃dɔdɔ dzi azɔ, eye migbɔ ɖe eme! Esɔ gbɔ, gaƒoƒo la ɖo vɔ! Kpɔ ɖa, woatsɔ Amegbetɔvi la ade nuvɔ̃wɔlawo si me.


Eye wòdzo le wo gbɔ anɔ abe kpedadadzeƒe ene, eye wòdze klo do gbe ɖa gblɔ bena:


Ke Yesu ɖo ŋu na wo gblɔ bena: Gaƒoƒo la ɖo vɔ bena, woakɔ Amegbetɔvi la ŋuti.


Eye mede ta agu ɖe Yehowa ŋku me abe tsã ene, ŋkeke blane kple zã blane, abolo maɖumaɖu kple tsi manomano le miaƒe nuvɔ̃, siwo katã miewɔ la ta; elabena miewɔ vɔ̃ hedo dziku na Yehowa.


Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti;


ekema amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔa mo anyi ɖe amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye woɖea ta agu na amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wotsɔa woƒe fiakukuawo dana de fiazikpui la ŋgɔ henɔa gbɔgblɔm bena:


Eye nu gbagbe eneawo gblɔ be: Amen! Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyo mo anyi hedo gbe ɖa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa