Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 14:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ke egblɔ na wo bena: Enye ame wuieveawo dometɔ ɖeka, amesi ƒe asi le agba me dem kplim.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mi ame wuieve siwo ƒe asi le agba me le nu ɖum kplim fifia la dometɔ ɖekae le nu sia wɔ ge.

Onani mutuwo Koperani




Marko 14:20
9 Mawu Ofanana  

Ne kuviatɔ de asi agba me la, megagbugbɔnɛ yia eƒe nu me tete hã o.


Ke eɖo ŋu gblɔ bena: Amesi ƒe asi le agba me dem kplim la, eya kee ladem asi.


Eye esi wòbe, yeaɖe nu le eme kasia la, kpɔ ɖa, Yuda, ame wuieveawo dometɔ ɖeka la, va; do, eye ameha gãa ɖe le eyome kple yiwo kple kpowo tso nunɔlagã kple ɖumegãwo gbɔ.


Eye wode asi nuxaxa me le ebiam ɖekaɖeka bena: Nyee loo?


Ke Amegbetɔvi la le yiyim, abe alesi woŋlɔ di le eŋuti ene; gake baba na ame ma, si dzi woato ade Amegbetɔvi la asi! Enyo na ame ma bena, womegaxae dzi o.


Eye enumake esi wògale nuƒoƒoa dzi ko la, Yuda, ame wuieveawo dometɔ ɖeka la, va do, eye ame geɖewo le eyome kple yiwo kpakple kpowo tso nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple amegãwo gbɔ.


Esi wogale nuƒoƒo dzi la, kpɔ ɖa, amehaa ɖe kple ame wuieveawo dometɔ ɖeka, si woyɔna be Yuda la, le ŋgɔ na wo; eye wote ɖe Yesu ŋu, be yeagbugbɔ nu ne.


Yesu, ɖo ŋu bena: Amesi ke matsɔ alɔgomedede ɖeka asisi detsi nɛ la, eyae. Azɔ esi wòtso alɔgomedede ɖeka sisi detsi la, etsɔe na Yuda Iskariot, Simon vi la.


Ke egblɔ esia le Yuda, Simon Iskariot vi ŋuti, elabena eyae nye amesi le eyome mɔ fia ge, eye wònye ame wuieveawo dometɔ ɖeka.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa