Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 14:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye eya ŋutɔ afia xɔ gãa ɖe mi le dziƒoxɔ me, si me woɖo nuwo ɖo, eye midzra afima do na mi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Aƒetɔ la akplɔ mi ayi dziƒoxɔ dzi eye wòafia xɔ gã aɖe si me wòdzra ɖo la mi. Miɖo kplɔ̃ ɖe afi ma hena míaƒe Ŋutitotoŋkeke la ɖuɖu.”

Onani mutuwo Koperani




Marko 14:15
12 Mawu Ofanana  

ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye natsɔe ake, eye naɖo eteƒe na amesiame le eƒe zɔzɔmewo katã nu, abe alesi nènya eƒe dzii ene, elabena wò ɖeka koe nya amegbetɔviwo ƒe dzi,


Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.


Amegbetɔ tɔ enye dzi ƒe tãmeɖoɖowo; ke Yehowa gbɔ aɖe ƒe ŋuɖoɖo tsona.


eye afisi ke wòayi ɖe eme le la, migblɔ na aƒeatɔ bena: Nufiala be: Afika dzenyeƒe le, afisi mia kple nye nusrɔ̃lawo miaɖu ŋutitotolẽvi la le mahã?


Eye nusrɔ̃lawo dzo heyi, eye wova dua me, eye wokpɔe, abe alesi wògblɔ na wo la ene; eye wodzra ŋutitotolẽvi la ɖo.


Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.


Eye esi wova dua me la, woyi ɖe dziƒoxɔ, si me wonɔna la me: Petro kple Yakobo, Yohanes kple Andrea, Filipo kple Toma, Bartolomeo kple Mateo, Yakobo, Alfeo vi, kple Simon Zelotes kpakple Yuda, Yakobo vi.


Eye akaɖi geɖewo le bibim le dziƒoxɔ, si me mieƒo ƒu ɖo la me.


Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.


eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa