Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 14:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wòsusɔ ŋkeke eve, ne ŋutitoto kple abolo maʋamaʋã ƒe ŋkekenyuie la naɖo; eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ɖi alesi woawɔ alée le aɖaŋu me, ne woawui;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Azɔ esusɔ ŋkeke eve pɛ ko ne Ŋutitoto kple Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui la naɖo, eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ganɔ ayemɔ si dzi woato alé Yesu, awui le bebeme la dim.

Onani mutuwo Koperani




Marko 14:1
23 Mawu Ofanana  

Ke esi wokpɔe le adzɔge, eye mekpɔ ɖo wo gbɔ haɖe o la, wode adaŋu le eŋu be, yewoawui le aye me.


Kalẽtɔ, nukaŋuti nètsɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le adegbe ƒomi? Mawu ƒe amenuveve li tegbee.


Zi nenie mi katã mialũ ɖe ame ɖeka dzi, be yewoaƒui anyi abe gli treazã kple gli gbagbã ene?


Mi dukɔ la, miɖo ŋu ɖe eŋu ɣeawokatãɣi, mitrɔ miaƒe dzi ƒo le eŋku me; Mawu enye míaƒe sitsoƒe! Sela.


Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron le Egipte-nyigba dzi bena:


Flii kakɛkakɛ, eye nakɔ ami ɖe edzi, elabena nuɖuvɔsae.


Ke esi farisitɔwo do go la, wode adaŋu le eŋuti, alesi woawɔ awui.


Eyaŋuti ne ena nu ame la, megana kpẽ naɖi le ŋgɔwò, sigbe alesi alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple ablɔwo me, bena amewo nakafu yewo la, ene o. Vava, mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo.


Eye abolo maʋamaʋã ƒe ŋkeke gbãtɔ, si dzi wowua ŋutitotolẽvi la le la, eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Afika dim nèle be, miayi aɖadzra do, ne naɖu ŋutitotolẽvi la le mahã?


elabena wogblɔ bena: Menye ŋkekenyuie la dzi o, bena zi nagatɔ le dukɔ la dome o.


Tete la nunɔlagãwo kple farisitɔwo kpe ta ɖe adaŋudeƒe, eye wogblɔ bena: Nuka míawɔ? Elabena amesia le dzesi geɖewo wɔm.


Eye hafi ŋutitotoŋkekenyuie la naɖo, esi Yesu nya bena, yeƒe gaƒoƒo la ɖo vɔ, bena yeadzo le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ, esi wòlɔ etɔ, siwo le xexeame la, elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.


Eye esi wobu esi me la, etsɔe de gaxɔ me, eye wòtsɔe de asi na asrafoha ene, siwo dome ɖesiaɖe me asrafo ene nɔna la, bena woadzɔ eŋu, eye wòdi be, yeaɖee afia dukɔ la le ŋutitoto ŋkeke la megbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa