Mele alɔ̃ dɔm, ke nye dzi le ŋute. Mido to, nye lɔlɔ̃tɔ le ʋɔ ƒom! Nɔvinyenyɔnu, xɔnye, nye ahɔne, nye ame dzadzɛ, ʋu ʋɔ nam! Elabena zãmu ƒo tame nam ƒũ, eye nye ɖa me yɔ fu kple dzadza.
Woƒe dzɔlawo katã nye ŋkuagbãtɔwo, womele si dzem naneke o; avũ aɖetututɔ, siwo mate ŋu aɖe gbe o la, wo katã wonye, womlɔ anyi le drɔ̃e kum, eye alɔ̃ le wo nu vivim.
Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;