Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 13:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Ke le ŋkeke ma alo gaƒoƒo ma ŋuti la amea ɖeke menyae o, mawudɔla, siwo le dziƒo, hã menyae o, Vi la ŋutɔ hã menyae o, negbe Fofo la ko.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 “Ke hã la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menya o, Nye, Vi la gɔ̃ hã nyemenya o, negbe Fofo la ko.

Onani mutuwo Koperani




Marko 13:32
11 Mawu Ofanana  

Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienyã ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.


Ke le ŋkeke geɖe megbe la dɔla mawo ƒe aƒetɔ la va, eye wobu akɔnta kple wo.


Ke le zãtitina lã ɣli ɖi bena: Kpɔ ɖa, ŋugbetɔsrɔ̃ la gbɔna! Miɖo go yi ɖakpee!


Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.


Egblɔ na wo bena: Miawo la mele na mi be, mianya ɣeyiɣi alo azãgbe, siwo Fofo la ɖo le ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu o.


Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.


Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia, si Mawu tsɔ nɛ, be wòafia nusiwo lava ve me kaba la, eƒe dɔlawo la, enye esi; eye wòto eƒe mawudɔla, si wòdɔ ɖa la, dzi heɖe wo me fia eƒe dɔla Yohanes,


Eyata ɖo ŋku nusi nèxɔ, eye nèse la dzi, eye nèlé eme ɖe asi, eye natrɔ le wò dzi me. Ne mènɔ ŋudzɔ azɔ o la, ekema mava ado ɖe dziwò abe fiafitɔ ene, eye manya gaƒoƒo, si dzi mava ado ɖe dziwò o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa