Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 12:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Eye wòyɔ eƒe nusiawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena; Ahosi dahe sia ƒe nusi wòtsɔ da ɖe eme la, wu nusi ame siawo tsɔ da ɖe nudzɔɖaka la me;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

43 Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔe, eye wògblɔ na wo be, “Enye nyateƒe be ahosi dahe sia ƒe nu si wòda ɖe nudzɔɖaka me la xɔ asi wu nu si ame bubuawo katã wona,

Onani mutuwo Koperani




Marko 12:43
9 Mawu Ofanana  

Eye amesi ke tsɔ tsi fafa kplu na ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka le nusrɔ̃la ɖeɖe ƒe ŋkɔ dzi ko la, vava mele egblɔm na mí bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.


Eye ahosi dahea ɖe va tsɔ lepta eve da ɖe eme, siwo ƒe home enye hoka eve.


elabena wo katã wotsɔ woƒe agbɔsɔsɔ vivivo la ƒe ɖe da ɖe eme; ke eya la tso eƒe ahedada la me wòtsɔ nusiwo katã le esi na eƒe agbenɔnɔ la, da ɖe eme.


Egblɔ nya siawo le nunyuiedzraɖoƒe la, esi wòle nu fiãm le mawuƒe la me; eye amea ɖeke melée o, elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.


Eye nusrɔ̃lawo do bena, wo dome amesiame nado nunanaa ɖe ɖe nɔvi, siwo le Yudea la, alesi woate ŋui.


Elabena ne edzilɔlɔ̃ le la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.


Elabena xaxa me dodokpɔ geɖe me woƒe dzidzɔ ƒe agbɔsɔsɔ fũ kple woƒe ahedada, si nu sẽ la, gba go le le woƒe dzimekɔkɔ ƒe kesinɔnuwo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa