Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 12:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Dawid ŋutɔ gblɔ le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me bena: Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ bena: Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusi me, vaseɖe esime matso wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

36 Elabena David ŋutɔ gblɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me be, “ ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be, “Nɔ anyi ɖe nye ɖusime va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo ade wò afɔ te.” ’

Onani mutuwo Koperani




Marko 12:36
16 Mawu Ofanana  

Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ƒo nu to dzinye, eye eƒe nya le nye aɖe dzi.


Ezi kpi kpɔ wo ƒe geɖe, eye nètsɔ wò gbɔgbɔ xlɔ̃ nu wo to wò nyagblɔɖilawo dzi, gake womeɖo toe o, eyata nètsɔ wo ɖe asi na anyigba dzi dukɔwo.


Dawid ƒe ha. Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò fulɔwo awɔ wò afɔɖodzinu!


eɖanye anyigba o, elabena eƒe afɔɖodzinue; eɖanye Yerusalem o, elabena ɖia gã la ƒe ɖue.


Ŋutsuwo kple nɔviwo, ele be, woawu ŋɔŋlɔ, si Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ ɖi to Dawid nu la nu le Yuda, amesi zu mɔfiala na amesiwo lé Yesu la ŋuti.


Eye esi woƒe gbe mesɔ o la, wodzo le nya ɖeka, si Paulo gblɔ la ta bena, Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔe nyuie na nua fofowo to nyagblɔɖila Yesaya dzi bena:


Elabena ele ne be, wòaɖu fia, halase esime woatsɔ eƒe futɔwo katã ade eƒe afɔ te.


Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me,


Ke mawudɔlawo dome ameka wògblɔ na kpɔ bena: „Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui“ mahã?


egaɖo ŋkekea ɖe le Dawid nu le ɣeyiɣi sia megbe bena: „Egbegbe,“ abe alesi wogblɔ ɖi ene bena: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzime o.“


wodzro azãgbe kple azãgbe, si ƒomevi Kristo ƒe Gbɔgbɔ, si le wo me la, laɖe afia la me kpɔ, esime wòɖi ɖase tsã le fukpekpe, siwo le Kristo dzi va ge, kple ŋutikɔkɔe, si le wo yome dze ge la ŋuti.


elabena nyagbɔgblɔɖia ɖeke metso lãme ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa