Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 12:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Eye esi Yesu le nu fiãm le mawuƒe la me la, exɔ dzi gblɔ bena: Aleke wɔ, eye agbalẽfialawo le gbɔgblɔm bena, Kristo la nye Dawid vi mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

35 Emegbe la, esi Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔ me la, ebia ameawo be, “Nu ka ta miaƒe agbalẽfialawo gblɔna be Kristo la nye Fia David ƒe vi ɖo?

Onani mutuwo Koperani




Marko 12:35
12 Mawu Ofanana  

Le gaƒoƒo ma dzi Yesu gblɔ na amehawo bena: Alesi wotsona ɖe hlɔ̃dola ŋuti la, nenemae mieva lé ye ge kple yiwo kple kpowo; gbãwotsyogbe mebɔbɔ nɔ anyi ɖe mawuƒe la me le nu fiãm, eye mielém kpɔ o.


Esi Yesu dzo le afima yina la, ŋkuagbãtɔ eve dze eyome, le ɣli dom gblɔ bena: Dawid vi la, kpɔ mía nublanui!


Eye esi wòdzo le afima la, eva Yudea-nutoawo me kple Yordan godo, eye amehawo gava ƒo ƒu ɖe egbɔ, eye abe alesi wònɔa wɔwɔm ene la, egafia nuwo.


Eye wogava Yerusalem; eye esi wòle tsatsam le mawuƒe la me la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va egbɔ;


Gbawotsyogbe menɔa mawuƒe la me kpli mi nɔa nu fiãm, ke mielém o; gake wowɔ esia, bena woawu ŋɔŋlɔawo nu.


Eye wòle nu fiãm le mawuƒe la me gbesiagbe. Ke nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo di be, yewoawui;


Eye le ŋkekeawo dometɔ ɖeka dzi, esi wòle nu fiam, eye wòle nyanyuie la gblɔm na dukɔ la le mawuƒe me la, eva ve me bena, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpakple amegãwo va tsi tre,


Ke le ŋkeke me la ebaa nu le mawuƒe la me, eye le zã me la edoa go yina ɖadɔa to, si woyɔna be Amito la dzi.


Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Nye la meƒo nu na xexeame le gaglãgbe, mefia nu ɖaa le ƒuƒoƒewo kple mawuƒe me, afisi Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo, eye nyemegblɔ nyaa ɖeke le ɣaɣlaƒe kpɔ o.


Ɖe ŋɔŋlɔ la megblɔ bena: Kristo la ava atso Dawid ƒe ƒome kple Betlexem-kɔƒe, afisi Dawid nɔ la me o mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa