Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 12:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye agbalẽfiala la gblɔ nɛ bena: Nufiala, ègblɔe nyuie le nyateƒe nu bena: Ɖeka eli, eye bubua ɖeke meli o, negbe eya ko;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Agbalẽfiala la gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, èto nyateƒe esi nègblɔ be Mawu ɖeka koe li, bubu aɖeke megali o,

Onani mutuwo Koperani




Marko 12:32
13 Mawu Ofanana  

Ŋɔ megadzi mi o, eye migadzo nyanyanya o! Ɖe nyemena miesee tso gbaɖegbe ke, eye nyemetoe na mi oa? Miawoe nye nye ɖasefowo. Ɖe mawua ɖe li kpe ɖe ŋunyea? Agakpea ɖeke meli o, nyemenya ɖeke o.


Ale Yehowa gblɔ esi: Egipte ƒe adzɔnuwo, Kus kple Sebatɔ ƒlalaawo ƒe viɖe age ɖe asiwò me ahazu tɔwò; woano ga me adze yowòme, eye woade ta agu na wò ahaƒo koko na wò be: Wò ɖeɖe ko gbɔe Mawu le, ɖeke megali o, mawu bubua ɖeke megali o.


Elabena ale Yehowa, dziƒowɔla, eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be woatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmee, be woanɔ edzi la, gblɔ esi: Nyee nye Mawu, ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.


Mido ŋu nusiwo dzɔ va yi tso blema la be, nyee nye Mawu, ɖeke megali o, nyee nye Mawu, amea ɖeke mesɔ kplim o;


Yesu ɖo eŋu bena: Gbãtɔ enye: Israel, ɖo to, Aƒetɔ, miaƒe Mawu la, Aƒetɔ ɖeka wònye.


eye be woalɔ̃e kple dzi blibo kple gɔmesese blibo kple luʋɔ blibo kple ŋusẽ blibo, eye be woalɔ̃ ame havi abe ame ŋutɔ ɖokui ene la, le wu numemewo kple vɔsasawo katã.


Ekpɔe, ne nanyae be, Yehowa enye Mawu, eye bubua ɖeke meli kpe ɖe eŋu o;


Eyata nyae egbea, eye wòaɖe dzi gbɔ na wò bena, Yehowa enye Mawu le dziƒo afime kple anyigba dzi afi, eye bubua ɖeke meli kpe ɖe eŋu o;


Mawu bubua ɖeke megana asiwò kpe ɖe ŋunye o.


Israel, see, Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa