Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 11:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Eye woxɔ edzi gblɔ na Yesu bena: Míenyae o. Eye Yesu gblɔ na wo bena: Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ, si metsɔ wɔ esiawoe la, na mi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

33 Esia ta wogblɔ nɛ be, “Míenya o.” Yesu hã gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo wɔm la na mi o.”

Onani mutuwo Koperani




Marko 11:33
26 Mawu Ofanana  

Eléa nunyalawo le woƒe ayenuwɔwɔ me, eye wònana ayedzelawo tsi klokloklo le woƒe adaŋudede me.


Nyitsu nyaa etoa, eye tedzi nyaa eƒe aƒetɔ ƒe lãto; ke Israel menyae o, eye nye dukɔ melé ŋku ɖe eŋu o.


Woƒe dzɔlawo katã nye ŋkuagbãtɔwo, womele si dzem naneke o; avũ aɖetututɔ, siwo mate ŋu aɖe gbe o la, wo katã wonye, womlɔ anyi le drɔ̃e kum, eye alɔ̃ le wo nu vivim.


Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi o ta; elabena èɖo vlo sidzedze, eyata nye hã mado vlo wo be, maganye nunɔla nam o; èŋlɔ wo Mawu ƒe se la he, eyata nye hã maŋlɔ viwòwo be.


Miɖe asi le wo ŋu! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye na ŋkuagbãtɔwo. Ke ne ŋkuagbãtɔ le mo fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.


Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi biam, eye womelé dzesi na gee o, negbe Yona ƒe dzesi la ko. Tete wògblẽ wo ɖi hedzo.


Eye woɖo eŋu na Yesu bena: Míenye o. Eya hã gblɔ na wo bena: Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ, si metso wo esiawòe la, na mi o.


Alo ɖe miagblɔ bena: Amewo gbɔ wotsoa? — Woyɔ dukɔ la; elabena ameawo katã bua Yohanes bena, nyagblɔɖila ŋutɔŋutɔ wònye.


Eye wòde asi nuƒoƒo me na wole lododowo me bena: Amea ɖe de weingble, eye wòtɔ kpɔ ɖe eŋu godoo, eye wòwɔ weinfiãnu ɖe eme, eye wòtu mɔ̃ ɖe eme, eye wòtsɔe ɖe asi na agbledelawo heyi nugbe.


Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Israel ƒe nufiala nènye, eye menya nusiawo o mahã?


Eɖo ŋu na wo bena: Megblɔe na mi xoxo, eye miesee o; nukaŋuti miele didim bena, miagasee mahã? Ɖe miawo hã miele didim bena, míazu eƒe nusrɔ̃lawo mahã?


Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o;


Ke vaseɖe egbegbe sia la ɣesiaɣi, si ke woxlẽa Mose la, nutsyɔnu tsyɔa woƒe dziwo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa