Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 11:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Alo ɖe miagblɔ bena: Amewo gbɔ wotsoa? — Woyɔ dukɔ la; elabena ameawo katã bua Yohanes bena, nyagblɔɖila ŋutɔŋutɔ wònye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Gake ne míegblɔ be, ‘Amewo gbɔ wòtso la’ …” (Wovɔ̃ be ʋunyaʋunya adzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.)

Onani mutuwo Koperani




Marko 11:32
15 Mawu Ofanana  

Ekema nukaŋuti gɔ̃e mieɖo go ɖo? Alo nyagblɔɖila kpɔ gea? Ẽ, mele egblɔm na mi bena: Ewu nyagblɔɖila hã.


Eye wòle didim be, yeawui; gake evɔ̃ ameha la, elabena wòbua eyama abe nyagblɔɖila ene.


Eye wole didim be, yewoalée, ke woyɔ̃ ameha la, elabena wobunɛ abe nyagblɔɖila ene.


Eye wòke ɖi le wo nɔewo dome bena: Ne míegblɔ bena: Dziƒo wòtso la, agble bena: Nukaŋuti miexɔ edzi se o mahã?


Eye woxɔ edzi gblɔ na Yesu bena: Míenyae o. Eye Yesu gblɔ na wo bena: Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ, si metsɔ wɔ esiawoe la, na mi o.


Eye wodi bena, yewoalée, ke wovɔ̃ ameha la; elabena wonyae bena, yewo ŋu wòdo lo sia ɖo; eye wogblẽe ɖi hedzo.


elabena Herodes vɔ̃ Yohanes, amesi wònya bena, enye ame dzɔdzɔe kple ame kɔkɔe wònye la, eye wòkpɔ eta. Eye ne eɖo toe la, eɖoa xaxa me le nu geɖewo ŋuti, eye eƒe gbesese vivina nɛ.


Eye agbalẽfialawo kple nunɔlagãwo di bena, yewoalée le gaƒoƒo ma me, ke wovɔ̃ dukɔ la, elabena wodze sii bena, edo lo sia ɖe yewo ŋu.


Eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo di alesi woawɔ awui, elabena wovɔ̃ dukɔ la.


Eye ame geɖewo va egbɔ, eye wògblɔ bena: Yohanes mewɔ dzesia ɖeke o, gake nusiwo katã Yohanes gblɔ le amesia ŋuti la, wonye nyateƒe.


Tete la aʋafia kple atikplɔtɔwo to edzi yi ɖakplɔ wo vɛ, menye sesẽtɔe o, elabena wovɔ̃ dukɔ la, bena woagaƒu kpe yewo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa