Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 11:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke lagblɔ na to sia bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me, eye mekea ɖi le eƒe dzi me o, hafi boŋ wòxɔnɛ sena bena, nusi gblɔm yele, le eme va ge la, ava ve me ne.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Nyateƒenya wònye be ne ame aɖe agblɔ na to sia be, ‘Yi, nàtsɔ ɖokuiwò ƒu gbe ɖe atsiaƒu me’ eye ɖikeke mele eƒe dzi me o la, ava eme nɛ.

Onani mutuwo Koperani




Marko 11:23
11 Mawu Ofanana  

Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò, eye wòana nusi wò dzi di la wò.


Ke esi Yesu see la, eɖo ʋu dzo le afima, eye wòƒo asa yi ɖe gbedzi. Eye esi amehawo see la, woto afa tso duawo me va dze eyome.


Ke egblɔ na wo bena: Le miaƒe xɔse ʋee ŋutie; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na to sia bena: Te ɖa tso afisia nayi afime, eye ate ayi, eye naneke mele miaƒe ŋutete wu ge o.


Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si, eye mieke ɖi o la, ekema menye nusi wɔ gboti la ɖeɖeko miawɔ o; ke boŋ ne miagblɔ na to sia hã bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me la, ava ve me.


Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na gboti sia bena: Ho ɖokuiwò naɖaɖo ɖe atsiaƒu me! eye aɖo to mi.


Eye nusi ke míabia le nye ŋkɔa dzi la, nu ma ke mawɔ, bena woakɔ Fofo la ŋuti le Via me.


Ne mienɔa menye, eye nye nyawo hã nɔa mia me la, ekema nusi ke mielɔ̃ bia la, woawɔe na mi.


Eye nenye ɖe nyagbɔgblɔɖi le asinye, eye menya nya ɣaɣlawo katã kple sidzedze katã, eye nenye ɖe xɔse katã le asinye, ale bena mate ŋu aɖe towo ɖa, ke lolo mele asinye o la, anye ne nyemenye naneke o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa