19 Eye ne fiẽsi ɖo la, edoa go le dua me.
19 Abe ale si wowɔna ɖaa ene la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le dua me le fiẽ me lɔƒo.
Eye wògblẽ wo ɖi do go tso dua me yi ɖe Betania, eye wòtsi afima dɔ.
Eye wòyi Yerusalem ɖe mawuƒe la me, eye esi wòtsa ŋku nuwo katã godoo, eye fiẽsi le ɖoɖom la, eyi ɖe Betania kple ame wuieve la.
Ke le ŋkeke me la ebaa nu le mawuƒe la me, eye le zã me la edoa go yina ɖadɔa to, si woyɔna be Amito la dzi.
Esi kekeli la le mia gbɔ la, mixɔ kekeli la dzi se, bena míazu kekeli ƒe viwo Nusiawo Yesu gblɔ, eye wòdzo yi ɖaɣla eɖokui ete wo.