Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 11:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye wòde asi gbɔgblɔ me nɛ bena; Tso esia dzi yina la amea ɖeke maɖu wò kutsetsea ɖeke o halase tegbetegbe. Eye eƒe nusiawo see.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Yesu ƒo fi de ati la be, “Ame aɖeke magaɖu wò kutsetse aɖeke kpɔ gbeɖe o.” Nusrɔ̃lawo hã se nya si wògblɔ la.

Onani mutuwo Koperani




Marko 11:14
15 Mawu Ofanana  

Eye esi wòkpɔ gbotia ɖe le ma to la, ete ɖe eŋuti, ke mekpɔ naneke le edzi o, negbe aŋgbawo ko, eye wògblɔ nɛ bena: Tso esia dzi yina la megale tsetse ge halase tegbetegbe o. Eye enumake gboti la yrɔ sũ.


Mise lo bubu: Aƒetɔa ɖe de weingble, eye wòtɔ kpɔ ɖe eŋu godoo, eye wòwɔ weinfiãnu ɖe eme, eye wòtu mɔ̃ ɖe eme, eye wòtsɔe ɖe asi na weingbledelawo, eye wòyi nugbe.


Eye amesi ke ladze kpe sia dzi la, aŋe gudugudu; eye amesi ke dzi wòadze la, atui memie.


Ke azɔ la wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gã hã xoxo. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me.


Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me.


Eye esi wòkpɔ gbotia ɖe le adzɔge, si dzi aŋgbawo le la, eyi bena ɖewohĩ yeakpɔ nane le edzi; eye esi wote ɖe eŋu la, mekpɔ naneke o, negbe aŋgbawo ko, elabena gbotiwo tseɣi meɖo haɖe o.


Eye wova Yerusalem; eye esi wòyi ɖe mawuƒe la me la, ede asi amesiwo le nu dzram kple amesiwo le nu ƒlem le mawuƒe la me la, nyanyã me do goe, eye wòmũ gaɖuɖɔlawo ƒe kplɔ̃wo kple amesiwo le ahɔ̃newo dzram la, ƒe zikpuiwo ƒu anyi.


Ne amea ɖe menɔ menye o la, woatsɔe aƒu gbe abe weinti ƒe alo ene, eye woaƒu, eye woaƒo wo nu ƒu, eye woatɔ dzo wo, eye woafia.


Elabena ne wosi le xexeame ƒe makɔmakɔnyenye nu to sidzedze Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo me, eye wona wogalé wo le nu mawo ke me, eye wogaɖu wo dzi la, ekema woƒe anyinɔnɔ mamletɔ zu vɔ̃ na wo wu tsãtɔ.


Amesi ke wɔa vɔ̃ la, neno vɔ̃wɔwɔ dzi ko, eye amesi ke nye ɖime la, nenɔ ɖinuwɔwɔ la dzi ko; eye amesi ke nye ame dzɔdzɔe la, nena nu dzɔdzɔe wɔwɔ la dzi ko, eye amesi ke le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye la dzi ko.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa