Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 10:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Elabena Amegbetɔvi la hã menye ɖe wòva bena, woasubɔ ye o; ke boŋ bena, yeasubɔ, eye bena, yeatsɔ yeƒe agbe la ana le ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

45 elabena Amegbetɔ Vi la meva be ame aɖeke nasubɔ ye o. Ke boŋ be wòasubɔ amewo, eye be yeatsɔ yeƒe agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.”

Onani mutuwo Koperani




Marko 10:45
16 Mawu Ofanana  

Kwasiɖa blaaɖre woɖo ɖe wò dukɔ kple wò du kɔkɔe la ŋu, ne woaxe mɔ na dzidada, eye woatsi nuvò nu, woalé avu ɖe vodada nu, eye woahe dzɔdzɔenyenye mavɔ vɛ, woaɖo kpe ŋutega kple nyagblɔɖiwo dzi, eye woakɔ nu kɔkɔetɔ ŋu.


Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu.


abe alesi Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xoxo ta la ene.


eye amesi ke di bena, yeanye gbãtɔ le mia dome la, nanye amewo katã ƒe dɔla.


sigbe alesi Fofo la nyam, eye nye hã menya Fofo la ene, eye metsɔ nye agbe ɖo anyi ɖe alẽawo ta.


Azɔ la ne nye, si nye Aƒetɔ kple nufiala la, meklɔ miaƒe afɔwo ŋuti la, ele na miawo hã be, miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo ŋuti.


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


Kristo xe fe ɖe mia ta heɖe mí tso se la ƒe fiƒode la me, esi wòva zu fiƒode le mía ta; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woƒo fi de amesiame, si wohe ɖe ati ŋu la,“


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


eye wònye Vi wònye hafi, gake wòsrɔ̃ toɖoɖo le fu, siwo wokpe la me;


ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la abe alẽvi, si ŋu mokaka kple kpɔtsotso mele o la, ƒe ʋu ene,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa