Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 10:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Eye wogblɔ nɛ bena: Miate ŋui. Ke Yesu gblɔ na wo bena: Kplu, si ke nye ŋutɔ miano la, mianoe, eye mawutsi, si woatsɔ aɖe ta na nye ŋuta la, woatsɔ ade ta na mi;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

39 Woɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, míate ŋui.” Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu ano nu tso kplu veve si me mele nu no ge le la me, eye miate ŋu axɔ tsideta veve si xɔ ge mala,

Onani mutuwo Koperani




Marko 10:39
10 Mawu Ofanana  

Esɔ gbɔ na nusrɔ̃la, ne woazu abe eƒe nufiala ene, kple subɔla abe eƒe aƒetɔ ene. Ne woyi aƒetɔ la be Beelzebul la, aleke woahayɔ eƒe aƒemetɔwo a wui?


Eye wona wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, le esime woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ.


Eye wòƒo nu kple kakaɖedzi wu bena: Ne anɔ nam be, maku kpli wò hã la, nyemele nu gbe ge le gbewo akpɔ o. Nenema ke wo katã hã wogblɔ.


Eye wòbena: Aba, Fofo! Etea ŋu wɔa nuwo katã; tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nusi nye ŋutɔ melɔ̃ o, negbe nusi wò nèlɔ̃ ko.


Petro gblɔ ne bena: Aƒetɔ, nukaŋuti nyemate ŋu adze yowòme fifia o mahã? Matsɔ nye agbe aɖo anyi, ɖe tawò.


Miɖo ŋku nya, si megblɔ na mi la dzi bena: Dɔla mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome, ne wòlé nye nya me ɖe asi la, wòalé miawo hã to me ɖe asi.


Nye la metsɔ wò nya la na wo, eye xexeame lé fu wo, elabena wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.


Eye wòwu Yakobo, Yohanes nɔvi la, kple yi.


Azɔ la mekpɔa dzidzɔ le fu, siwo mekpena le mia ta la me, eye mewua nusiwo susɔ le Kristo ƒe fukpekpewo me la nu le nye ŋutilã me, le eƒe ŋutilã, si enye hame la ta,


Nye Yohanes, mia nɔvi kple miaƒe hagomekpɔla le Yesu Kristo ƒe fukpekpe kple fiaɖuƒe kple dzidodo me la, menɔ ƒukpo, si woyɔna be Patmo la dzi le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa