Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 10:38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 Ke Yesu gblɔ na wo bena: Mienya nusi biam miele o. Alo miate ŋu ano kplu, si no ge nye ŋutɔ malaa? Alo woade mawutsi ta na mi kple mawutsi, si woatsɔ ade ta na nye ŋuta mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

38 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mienya nu si biam miele o. Miate ŋu ano nu tso fukpekpe ƒe kplu veve si no ge mala la me, eye miate ŋu anɔ te ɖe fukpekpe ƒe tsideta si de ge wole ta nam la hã nua?”

Onani mutuwo Koperani




Marko 10:38
14 Mawu Ofanana  

Tete fia Salomo ɖo ŋu gblɔ na dadaa bena: Nukaŋuti nele Abisag, Sunami-nyɔnu la, ko biam na Adoniya? Bia fiaɖuƒe la hã na eya kple nunɔla Abyatar kpakple Yoab, Zeruya vi la, elabena tonye wonye.


ke boŋ Mawue nye ʋɔnudrɔ̃la; eyae bɔbɔa amesi ɖe anyi, eye wòdoa ame keme ɖe dzi.


Ale wò Aƒetɔ Yehowa kple wò Mawu, amesi wòa avu ɖe eƒe dukɔ nu la, gblɔ esi: Maxɔ kplu muame, nye dɔmedzoekplu la, le asiwò me, eye màganoe azɔ o;


Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ nam enye si: Xɔ dɔmedzoe ƒe weinkplu sia le asinye, eye natsɔe na dukɔ, siwo katã gbɔ maɖo wò ɖo la, woano.


hafi wòa nèbe, yeadi nu gãwoa? Megadi wo o; elabena Yehowa be: Mahe dzɔgbevɔ̃e ava ŋutilãwo katã dzi; ke mana wò agbe nazu aboyonu na wò le teƒe, siwo katã nayi.


Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne ate ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.


Eye wona wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, le esime woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ.


Eye wòbena: Aba, Fofo! Etea ŋu wɔa nuwo katã; tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nusi nye ŋutɔ melɔ̃ o, negbe nusi wò nèlɔ̃ ko.


Ke ele nam be, woade mawutsi ta nam kple mawutsia ɖe, eye ale wotee ɖe ŋunye, vaseɖe esime woawu enu!


Fofo, ne èlɔ̃ la, tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tsiwo woawɔ.


Tete Yesu gblɔ na Petro bena: Tsɔ yi la de aku; kplu, si Fofo la tsɔ nam la, ɖe nyemanoe o mahã?


Ke nenema ke Gbɔgbɔ la hã dea míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi; elabena alesi ke míado gbe ɖa wòadze la, mienyae o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ tsɔa ŋeŋe, siwo manya gblɔ o la, xɔa mía nya ɖe akɔ.


Miebiana, eye miexɔnɛ o; elabena miebiana le mɔ vɔ̃ dzi, bene miagblẽ nu la le miaƒe dzidzɔkpɔkpɔwo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa