36 Eye wògblɔ na wo bena: Nuka dim miele be, mawo na mi mahã?
36 Yesu bia wo be, “Nu ka dim miele?”
Eye Yakobo kple Yohanes, siwo nye Zebedeo viwo la, va egbɔ gblɔ nɛ bena: Nufiala, miele didim bena, nusi ke míabia wò la, nawɔe na mí.
Ke wogblɔ nɛ bena: Na bena, mia dome ame ɖeka nabɔbɔ nɔ anyi ɖe wò nuɖusi me, eye ɖeka hã nanɔ wò mia me le wò ŋutikɔkɔe la me.
Eye Yesu xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Nuka dim nèle be, mawɔ na wòa? Eye ŋkuagbãtɔ la gblɔ nɛ bena: Rabuni, bena makpɔ nu.
Ne mienɔa menye, eye nye nyawo hã nɔa mia me la, ekema nusi ke mielɔ̃ bia la, woawɔe na mi.