Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 10:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Enya seawo bena: „Megawɔ ahasi o. Megawu ame o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase o. Megaba ame o. Bu fofowò kple dawò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Azɔ le wò biabia la ŋuti la, ènya seawo xoxo. Woawoe nye: mègawu ame o, mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègada alakpa o, mègaba ame o, bu fofowò kple dawò.”

Onani mutuwo Koperani




Marko 10:19
16 Mawu Ofanana  

Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu! Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Nuka nèle yɔyem bena nyui mahã? Amea ɖeke mele nyui o, negbe Mawu ɖeka ko.


Enya seawo bena: Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megaɖi aʋatsoɖase o; bu fofowò kple dawò.


Elabena nya, si woŋlɔ ɖi bena: „Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megabiã ŋu o;“ eye ne se bubua ɖe gali la, ƒe ta le nya sia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene!“


Elabena to se la ƒe dɔwɔwɔwo me la womatso afia na ŋutilãa ɖeke le eƒe ŋku me o; elabena se la me nuvɔ̃ ƒe sidzedze dzɔ tso.


Migblɔe nam, mi amesiwo le didim be, yewoanɔ sea te la, miese se la oa?


Elabena wowu se blibo la katã nu le nya ɖeka me, le esia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.“


eye amea ɖeke nagaba nɔvia, eye wòatafae le dɔwɔwɔ me o; elabena Aƒetɔ lae nye nusiawo katã ƒe hlɔ̃biala, abe alesi miegblɔ tsã, eye míeɖi ɖase na mi la ene.


Elabena amesi gblɔ bena: „Megawɔ ahasi o la,“ egblɔ hã bena: „Megawu ame o!“ Azɔ ne mèwɔ ahasi o, ke nèwu ame la, ètrɔ zu sedzidala.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa