Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 1:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Eye wòda gbe le amesiwo katã le da bubu ƒomeviwo katã lém la ŋu, eye wònyã gbɔgbɔ vɔ̃ gedewo do goe, eye mede mo na gbɔgbɔ vɔ̃wo be, woaƒo nu o, elabena wonyae.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

34 Yesu da gbe le dɔléla geɖewo ŋu, eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ame aɖewo me fiẽ ma. Meɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woaƒo nu o, elabena wonya ame si wònye.

Onani mutuwo Koperani




Marko 1:34
6 Mawu Ofanana  

Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Eye Yesu blu ɖe eta bena: Mia wò nu, eye nado go le eme!


Eye wogbe nya na wo vevie ŋuta bena, ne woagana wòanya ye o.


Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã do go le ame geɖewo me, eye wole ɣli dom le gbɔgblɔm bena: Wòe nye Mawu ƒe Vi la. Eye wòwona ɖe wo ta, eye mena mo wo be, woaƒo nu o, elabena wonyae bena, eyae nye Kristo la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa