Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 1:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Ke le fiẽ me, esime ɣe ɖo to la, wotso amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple esiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, va egbɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Esi ɣe nɔ to ɖom la, wokplɔ dɔléla vovovowo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ le aƒe si me wònɔ la be wòada gbe le wo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Marko 1:32
8 Mawu Ofanana  

Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Ke esi fiẽsi ɖo la, wotsɔ ame geɖe, siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo le wo me la, va egbɔ; eye wògblɔ nya henyã gbɔgbɔ vɔ̃awo do goe, eye wòda gbe le amesiwo katã ƒe lãme gblẽ la ŋuti,


bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to Yesaya, nyagblɔɖila dzi la nu bena: „Eya ŋutɔ tsɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple dɔlélewo ɖo eɖokui dzi.“


Eye wodzo yi ɖe Kapernaum; eye enumake le Sabat-ŋkekea dzi la efia nu le ƒuƒoƒe la.


Eye esi wòte va la, elé eƒe alɔnu hekɔe ɖe dzi, eye ŋudza la dzo le edzi, eye wòsubɔ wo.


Eye wole ŋudzɔ nɛ be, aɖa gbe le eŋu le Sabat dzi loo, bena yewoatso enu.


Eye esime ɣe le to ɖom la, amesiwo katã si dɔléla bubu ƒomeviwo le la, wotsɔ wo va egbɔ, eye wòda asiwo ɖe wo dome ɖesiaɖe dzi ɖekaɖeka heda gbe wo ŋu.


Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã do go le ame geɖewo me, eye wole ɣli dom le gbɔgblɔm bena: Wòe nye Mawu ƒe Vi la. Eye wòwona ɖe wo ta, eye mena mo wo be, woaƒo nu o, elabena wonyae bena, eyae nye Kristo la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa