Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 1:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye wòwɔ nuku na wo katã, nenem bena, wobia wo nɔewo bena: Nuka enye esia? Nufiafia yeye! Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ makɔmakɔwo, eye woɖoa toe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Nuwɔna sia wɔ nuku na eteƒekpɔlawo ŋutɔ, eye woƒo nu le eŋu. Wobia wo nɔewo bena, nufiafia yeye kae nye esia? Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ vɔ̃wo eye woɖoa toe.

Onani mutuwo Koperani




Marko 1:27
15 Mawu Ofanana  

Esi ameha la kpɔ bena, aɖetututɔwo le nu ƒom, ame glɔmɔ̃wo le dzɔdzɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm la, woƒe mo wɔ yaa, eye wokafu Israel ƒe Mawu la.


Elabena nye hã menye amesi le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye; eye ne megblɔ na ame sia be: Yi! eyina; eye ne megblɔ na ame bubu bena: Va! evana; eye ne megblɔ na ye dɔtsɔla bena: Wɔ esia! ewɔnɛ.


Eye esi wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe la, aɖetututɔ la ƒo nu. Eye amehawo ƒe mo wɔ yaa, wogblɔ bena: Womekpɔ nusia tɔgbee le Israel kpɔ o.


Eye gbɔgbɔ makɔmakɔ la nyamae, eye wòdo ɣli kple gbe sesĩe, eye wòdo go le eme.


Eye enumake lã eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea-nutowo katã me godoo.


Ke nusrɔ̃lawo tsi yaa le eƒe nyawo ŋuti. Eye Yesu gaxɔ edzi gblɔ na wo bena: Viwo, esẽ bena, amesiwo ɖoa dzi ɖe kesinɔnuwo ŋuti la, nayi ɖe mawufiaɖuƒe la me!


Eye esi wole mo dzi yina Yerusalem la, Yesu dze wo ŋgɔ, eye woƒe mo wɔ yaa, ke amesiwo dze eyome la, wovɔ̃. Eye esi wògayɔ ame wuieveawo va egbɔe la, ede asi nusiwo le edzi va ge la, gbɔgblɔ me na wo bena:


Eye esi woyi ɖe yɔdo la me la, wokpe ɖekakpuia ɖe le nuɖusi gome le anyinɔƒe, eye wòdo awu ɣi ʋlaya, eye dzidzi ƒo wo.


Eye wògblɔ na wo bena: Dzidzi megaƒo mi o! Yesu, Nazaretetɔ, amesi woklã ɖe ati ŋuti la, dim miele; etsi tre, mele afisia o, mikpɔ afisi wotsɔe mlɔ la ɖa!


Eye kuvia ɖo wo ŋutɔ, eye wole gbɔgblɔm bena: Ewɔ nuwo katã nyuie, ena tokunɔwo sea nu, eye aɖetututɔwo hã ƒoa nu.


Eye kuvia ɖo wo katã, eye wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Nuka nyae nye esi ma? Elabena ekpɔ mɔ kple ŋusẽ hedea se na gbɔgbɔ blibawo, eye woɖoa go.


Eye wòyɔ nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wòna ŋusẽ kple mɔ wo ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo katã dzi, eye be, woaɖe dɔlélewo ɖa.


Eye wòlée hekplɔe yi ʋɔnudrɔ̃ƒe, si woyɔna be Areopago la hegblɔ bena: Ɖe míate ŋu anya nusi nufiafia yeye sia, si ŋuti nèle nu ƒom na mi le la nye mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa