Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 1:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye wodzo yi ɖe Kapernaum; eye enumake le Sabat-ŋkekea dzi la efia nu le ƒuƒoƒe la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Yesu kple ame siwo nɔ eŋu la va ɖo Kapernaum, eye woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi. Yesu fia nu amewo le afi ma.

Onani mutuwo Koperani




Marko 1:21
18 Mawu Ofanana  

Eye esi woʋu le Nazaret la, eva nɔ Kapernaum, si le ƒua nu le Zebulon kple Naftali-nutowo me,


Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.


Eye enumake la wòyɔ wo, eye wogblẽ wo fofo Zebedeo kple ʋuléviawo ɖi ɖe ʋua me, eye woyi ɖadze eyome.


Eye enumake esi wodo go tso ƒuƒoƒea la, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe wo ŋu yi ɖe Simon kple Andrea ƒe me.


Eye du blibo la katã ƒo ƒu de ʋɔtrua nu.


Eye wòyi ɖe woƒe ƒuƒoƒeawo me le Galilea katã hele gbe ƒã ɖem, eye wòle gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm le go domii.


Eye esi wòdzo le afima la, eva Yudea-nutoawo me kple Yordan godo, eye amehawo gava ƒo ƒu ɖe egbɔ, eye abe alesi wònɔa wɔwɔm ene la, egafia nuwo.


Eye esi wògayi ɖe Kapernaum le ŋkekea ɖewo megbe la, wose bena, ele aƒea me.


Eye wògayi ɖe ƒuƒoƒe, eye amea ɖe le afima, si titi lé asi na.


Eye esi Sabat ɖo la, ede asi nufiafia me le ƒuƒoƒe la, eye ame geɖe, siwo see la, ƒe nu ku, eye wogblɔ bena: Afika amesia kpɔ nusiawo tsoe, eye nunya ka ƒomevi nye esi wonae mahã, ale be ŋusẽdɔ siawo va ve me to eƒe asi dzi mahã?


Eye wò, Kapernaum, alo menye ɖe wokɔ wò ɖe dzi yi ɖatɔ dziŋgɔli me oa! Woate wò ɖe to vaseɖe tsiẽƒe ke.


Eye wòle nu fiãm le ƒuƒoƒeawo dometɔ ɖeka me le Sabat dzi.


Eye wòva Nazaret, afisi wonyii le, eye le eƒe kɔa nu la eyi ɖe ƒuƒoƒe la le Sabat-ŋkeke dzi, eye wòtsi tre be, yeaxlẽ agbalẽ.


Eye wògblɔ na wo bena: Míado lo sia nam tsã be: „Gbedala, da gbe ɖokuiwò ŋu!“ Nusiwo miese bena, nèwɔ le Kapernaum la, wɔe le mía ɖe afisia hã.


eye abe alesi Paulo nɔa wɔwɔm ene la, eyi eme ɖe wo gbɔ; eye Sabat etɔ̃ sɔŋ wòɖo dze na wo tso ŋɔŋlɔawo me;


Eye wòƒo nu le ƒuƒoƒe la le Sabat sia Sabat dzi; eye wòƒoe ɖe wo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo xɔe se.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa