17 Eye Yesu gblɔ na wo bena: Miva nɔ yonyeme, eye mawo mi míazu ameɖelawo.
17 Yesu yɔ wo hegblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi miazu amewo ɖelawo.”
Ɖɔkplɔlawo anɔ eto tso En-Gedi vaseɖe En-Eglayim, eye ɖɔkplɔƒe wòazu; eme lãwo asa gbɔ kpaŋkpaŋ abe atsiaƒu gã me lãwo ene.
Eye esi wòle Gatilea-ƒua nu tom yina la, ekpɔ Simon kple nɔvia Andrea wole asabu dam ɖe ƒu la me; elabena tɔƒodelawo wonye.
Eye enumake la wogblẽ asabuawo ɖi, eye wodze eyome.
nenema ke hãe nye Yakobo kple Yohanes, Zebedeo ƒe viwo, amesiwo nye Simon ƒe hadɔwɔlawo. Eye Yesu gblɔ na Simon bena: Megavɔ̃ o! Tso esia dzi yina la èle amewo ɖe ge.