Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 1:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke esi wòlé Yohanes de gaxɔ me megbe la, Yesu va Galilea hele gbe ƒã ɖem Mawu ƒe nyanyuie la bena:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Esi Fia Herod lé Yohanes de gaxɔ me vɔ megbe la, Yesu yi Galilea be yeagblɔ Mawu ƒe nyanyui la.

Onani mutuwo Koperani




Marko 1:14
16 Mawu Ofanana  

Ke esi Yohanes le gaxɔ me se Kristo ƒe dɔwɔwɔwo la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be, woaɖagblɔ ne bena:


Eye wògblɔ na eƒe dɔlawo bena: Yohanes mawutsidetanamela la enye esi; eyae tsi tre tso ame kukuwo dome; eyaŋuti ŋusẽwo le dɔ wɔm le eme alea.


Ke esi Yesu se bena, wotso Yohanes de asi la, edzo heyi ɖe Galilea.


Tso ekema dzi la Yesu de asi gbeƒãdeɖe me le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!


Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.


Eye Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me, hele nu fiãm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle fiaɖuƒe la ŋutinya nyui la gblɔm hele dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.


etsɔ Yohanes de gaxɔ me hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti.


Eye wòva ve me le esia megbe ʋee la bena, eyi ɖato duawo kple kɔƒeawo me, hele mawufiaɖuƒe ŋu nyanyuie gblɔm fia; eye ame wuieveawo le eŋu


Eye azɔ, kpɔ ɖa, menyae bena, mi amesiwo katã dome mete hele gbe ƒã dem mawufiaɖuƒea la, miegale nye ŋku me kpɔ ge akpɔ o.


Eye esi woɖo ŋkeke nɛ la, ame geɖewo va egbɔ le eƒe dzeƒe la, amesiwo wògblɔ nya la na hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ.


Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, si woyɔ, eye wotia hena Mawu ƒe nyanyuie,


Eye wòva gblɔ ŋutifafa ƒe nyanyuie la fia mi amesiwo le adzɔge kple amesiwo le kpuiƒe la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa