Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 1:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 eye gbe ɖi tso dziƒowo bena: Wòe nye vinye, si gbe nyemelɔ̃a nu le o, wò ŋu mekpɔa ŋudzedze lena.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Gbe aɖe hã ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze le.”

Onani mutuwo Koperani




Marko 1:11
19 Mawu Ofanana  

Mele tameɖoɖo la gblɔ ge afia: Yehowa gblɔ nam be: Vinye nènye, egbea medzi wò.


Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne woahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo.


„Kpɔ ɖa, ye dɔla, si metia; ye blɔtɔ, amesi dzea ye luʋɔ ŋu la; matsɔ ye Gbɔgbɔ la ada ɖe eyama dzi, eye wòaka ʋɔnudɔdrɔ̃ ta na dukɔawo.


Esi wogale nuƒoƒo la dzi la, kpo ɖa, alilikpo, si klẽ la, do vɔvɔli ɖe wo dzi; eye kpɔ ɖa, goe tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!


eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!


Eye enumake esime wòle go dom tso tsia me la, ekpa dziƒowo nu ʋu, eye Gbɔgbɔ la le abe akpakpa ene hele ɖiɖim ɖe edzi;


Eye alilikpo va do vɔvɔli ɖe wo dzi, eye gbe tso alilikpo la me gblɔ bena: „Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, miɖo to eyama!“


eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi le nɔnɔmekpɔkpɔ me abe akpakpa ene ɖe, eyama dzi, eye gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.


Eye gbe ɖi tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye tiatia, miɖo to eyama!


Eye nye la mekpɔe, eye meɖi ɖase bena, amesia enye Mawuvi la.


Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.


Eye Fofo, si dɔm ɖa la, eyama ɖi ɖase le ŋutinye. Miese eƒe gbe ɣeaɖekeɣi alo kpɔ eƒe nɔnɔme hã kpɔ o.


Eye miexɔe se, eye míedze sii bena, wòe nye Kristo, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la.


si woɖo Mawuvi kple ŋusẽ le kɔkɔenyenye ƒe Gbɔgbɔ la nu to tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me, amesi nye Yesu Kristo, mia Aƒetɔ,


amesi ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòtsɔ mí ɖo eƒe lɔlɔ̃vi ƒe fiaduƒe la me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa