Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Malaki 3:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Emegbe miagakpɔ vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Ekema miakpɔ vovototo si le ale si Mawu wɔna na ame dzɔdzɔe siwo ɖoa toe kple ame vɔ̃ɖi siwo meɖoa toe o la dome.”

Onani mutuwo Koperani




Malaki 3:18
24 Mawu Ofanana  

Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?


Ke mi kalã mitrɔ va ko; nyemele nunyalaa ɖeke kpɔ ge le mia dome o.


Mitrɔ dzro, alakpa megana me o, mitrɔ, tɔnyee nye dzɔdzɔea kokoko!


Ke avũ mawo ɖe ame alo lã ŋu le Israel-viwo katã dome o, bena mianyae be, Yehowa de vovo Egiptetɔwo kple Israel-viwo dome.


Ke ne meho wo ɖa megbe la, magakpɔ nublanui na wo, eye mana amesiame nagbugbɔ ayi eƒe domenyinu gbɔ, eye amesiame nayi eƒe anyigba dzi.


ne woabia amenuveve le dziƒo ƒe Mawu la si le nya ɣaɣla sia la, ne womagawu Daniel kple eƒe hatiwo akpe ɖe Babel-nunyala mamleawo ŋu o.


Amea ɖe menya nu o, avee, eye wòatrɔ adzo ahagblẽ yayra ɖe megbe, ne woatsɔ asa nuɖuvɔ kple nunovɔ na Yehowa, mia Mawu la.


Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui, eye mifɔ nya dzɔdzɔe ɖe tsitrenu le ʋɔnu, amea ɖe menya nu o Yehowa, Mawu Zebaot, ave Yosef ƒe ame mamleawo nu.


Ke nye gbe kple nye fameɖoɖo, siwo meɖe asi na nye dɔla nyagblɔɖilawo la, ɖe womeva mia fofowo dzi, ale be woyi ta me hegblɔ bena: Alesi Yehowa Zebaot ɖo be, yeawɔ mi ɖe miaƒe zɔzɔme kple míaƒe nuwɔnawo nu la, nenema wòwɔ mi oa?


Ne Edom gblɔ be; Wogbã mí, ke míagatso aƒeɖoawo, ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne wotsoe hã la, magbãe aƒu anye eye woayɔ wo be, „nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe anyigba“ kple „dukɔ, si ŋu Yehowa do dziku ɖo ɖikaa“.


Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.


Ne amea ɖe ɖi be, yeasubɔm la, nèdze yonyeme; eye afisi nye la mele la, afima nye subɔla hã lano; ne amea ɖe subɔam la, eya Fofo la labu.


Amesia dze Paulo kple mia yome, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Nenem me siawo la, Mawu dzifoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, amesiwo le agbexɔxɔmɔ gblɔm fia mí.


Elabena zã sia me la Mawu, si tɔ menye, amesi mesubɔna hã la, ƒe dɔla va tsi tre ɖe gbɔnye gblɔ bena:


Elabena nye ɖaseɖilae nye Mawu, si mesubɔna le nye gbɔgbɔ me le Via ƒe nyanyuie la me, alesi nyemedzudzɔa ŋkuɖoɖo mia dzi o,


elabena woa ŋutɔwo gblɔa nya fiana le mía ŋuti, vava, si ƒomevi me mieva mia gbɔ le, kple alesi mietrɔ tso trɔ̃wo gbɔ va Mawu gbɔ, bena miasubɔ Mawu gbagbe vavãtɔ la,


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge míala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya miasubɔ Yehowa!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa