Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Malaki 3:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Mablu ɖe ʋetsuviwo ta na mi, be womagagblẽ miaƒe anyigba dzi nukuwo o, eye weinka magbe tsetse na mi le agble me o; Yehowa Zebaot ye gblɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Made se na nu siwo gblẽa agblemenukuwo la be womagblẽ míaƒe agblemenukuwo o, eye miaƒe wain tsetsewo magblẽ adudu hafi woƒe ɖiɖiɣi naɖo o.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

Onani mutuwo Koperani




Malaki 3:11
15 Mawu Ofanana  

Yehowa be: Maɖe wo ɖa keŋkeŋ, ale be weintsetsea ɖeke manɔ weinka ŋu o, gbotsetsea ɖeke manɔ gboti dzi o, eye aŋgba ayra, eye madɔ amesiwo ava ƒo ɖe wo dzi la, ɖe wo ŋu.


Ànye nye ŋugbetɔ tegbee, eye matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ana nenye nye ŋugbetɔ:


Weinka ku, eye gboti yrɔ, yevuboɖatiwo ƒu, keke detiwo kple atɔtɔŋutitiwo kpakple agblemetiwo katã ke hã; dzidzɔkpɔkpɔ nu tso, le amegbetɔviwo dome.


Nusi ŋɔwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetsuviwo ɖui; nusi ʋetsuviwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetrawo ɖui, eye nusi ʋetrawo kpɔtɔ ɖi la, abɔwo ɖui.


Egblẽ nye weinkawo, eye wòŋe nye gbɔtiwo, eflo tsro le wo ŋu hetsɔ wo ƒu anyi, eye woƒe kawo fu ɣie.


Maɖe anyiehetɔ la ɖa le mia ŋu, ahanyãe aɖo ɖe kuɖinyigba dzi kple gbegbe, atrɔ ta ade ɣedzeƒeƒu, eye wòatrɔ agɔmegbɔ ade ɣetoɖoƒeƒu, eye wòaƒaƒã anɔ ʋeʋẽm, elabena ewo nu eteƒe mekɔ o.


Mi gbemelãwo, migavɔ̃ o, elabena lãnyiƒe ƒe gbewo ade ama; elabena atiwo atse, eye kutsetsewo ado agba ɖe gboti kple weinka dzi.


Eye ma ɖo ƒe, siwo ʋetsuviwo kple ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi, woawoe nye nye aʋakɔ gã, si medɔ ɖe mia ŋu.


Mena miaƒe bliwo dze heteku, eye wohlɔ̃: ʋetsuviwo ɖu miaƒe abɔwo kple weingblewo, gbotiwo kple amitiwo; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!


Gboti magaƒo se o, eye weinka matse o; amiti agbe aminana, eye agblewo mana, nuɖuɖu o; woatsrɔ̃ alẽwo le lãkpɔwo me, eye nyiwo maganɔ lãxɔwo me o.


eyata meyɔ kuɖiɖi ɖe anyigba kple towo ŋu, ɖe bli, aha yeye kple ami ŋu, ɖe nusiwo miena tsoa anyigba me la ŋu, ɖe amegbetɔwo kple lãwo kpakple dɔ, siwo katã wotsɔa asi wɔne la ŋu.


Mehe to na mi ɖe miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã ŋu, ale be miaƒe bliwo hlɔ̃, eye wodze heteku, eye dzikpewo dza; gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!


ke boŋ nuku ŋu afa, eye weinka atse, anyigba aʋã nu, eye dziƒo adza zãmu, eye mana nusiawo katã nazu dukɔ sia ƒe susɔea tɔ.


ekema mana ada kple kele nadza ɖe miaƒe anyigba dzi le edzaɣi, eye aƒo bli, wein kple ami nu ƒu;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa