Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Malaki 2:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye miadze sii be, nyee ɖo se siawo ɖe mi, ne wòanye nu, si mebla kple Lewi, Yehowa Zebaot ye gblɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ekema mlɔeba la, mianyae be nyee xlɔ̃ nu mi be miatrɔ ɖe nubabla si mewɔ kple mia fofo, Levi la ŋuti.’ ” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

Onani mutuwo Koperani




Malaki 2:4
21 Mawu Ofanana  

Mixa gblɔ bena: Àdze sii le gbesigbe nasi atso xɔ me ayi xɔ me, be naɣla ɖokuiwò.


Nye Mawu, ɖo ŋku, alesi woɖi gbe nunɔlanyenye kpakple nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe nubabla lae la dzi na wo!


Yehowa, wò alo le dzi, ke womelé ekpɔm o; woakpɔ ŋuʋaʋã ɖe dukɔ la ŋu, eye ŋu akpe wo, eye dzo afiã wò ketɔwo.


Eyata alea ko woawɔ hafi atsɔ Yakob ƒe vodadawo akee, eye esia katã anye eƒe nuvowo ɖeɖeɖa ƒe kutsetse: be wòƒo vɔsamlekpui ƒe kpewo katã abe akalokpe gbagbã ene, eye Asera kple ɣelegbawo maganɔ anyi o.


Ne nyagblɔɖila ɖe gblɔ ŋutifafanya ɖi, eye eƒe nya va me la, ekema wòadze sii be, Yehowa ye dɔ nyagblɔɖila sia ɖa vavã.


Kpɔ ɖa, ele eme va ge, ne eva me la, wòadze sii be, nyagblɔɖilaa ɖe nɔ yewo dome kpɔ.


Mado gã ɖokuinye, makɔ ɖokuinye ŋu, eye maɖe ɖokuinye afia le dukɔ geɖewo ŋku me, ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.


elabena miekplɔ amedzro, siwo nye bolotɔwo, eye wometso dziʋa hã na wo o la vɛ, be woanɔ nye kɔkɔeƒe la, eye woagblẽ kɔ ɖo na nye aƒe la; eye mietu nye nubabla la hekpe ɖe miaƒe ŋunyɔnuwo katã ŋu, le esime mietsɔ nye nuɖuɖu, ami kple ʋu sa vɔe,


Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


Na nɔviwowo, amesiwo tso fofowò Lewi ƒe toa me la, nava kpli wò, eye woanɔ ŋuwò awɔ subɔsubɔdɔ, ne mia kple viwòŋutsuawo miele agbadɔ, si me sea le la ŋgɔ.


Eye metsɔ nuwo katã ƒe ewoliawo ɖeka na Lewi-viwo, bena wòanye wo tɔ le Israel, ɖe woƒe ɖɔ, si wole wɔwɔm le Mawu ƒe agbadɔ ŋu la ta.


Eyata gblɔ bena Meɖo kpe ŋutifafa-nubabla dzi nɛ,


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Nye ŋutɔe ɖe Lewitɔwo le Israel-vi bubuawo dome ɖe ŋgɔgbevi, siwo ʋu ɖɔ nu na wo dada la teƒe, bena Lewitɔwo nanye tɔnye le Israel-viwo dome.


Tia Lewitɔwo nam ɖe Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe, eye tia Lewitɔwo ƒe lãwo ɖe woƒe lãwo teƒe, bena Lewitɔwo nanye Yehowa tɔ.


amesi si lugbɔnu le, eye wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo eƒe lu nu ƒu ala ɖe ava me, ke tsroa la, wòatsɔ dzo matsimatsi atɔe.


Mieʋuʋu miaƒe ɖu me ʋuʋudedi, si ke lé ɖe miaƒe afɔwo ŋuti, gɔ̃ hã ɖi na mi; gake minya esia bena, mawufiaɖuƒe la gogo.


Alɔ sia alɔ, si le ŋutinye, eye metsena o la, elãnɛ, eye ɖesiaɖe, si tsena la, eɖea eŋu, bena wòatse geɖe awu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa